YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 20

20
Paulo gayi Makedonia kple Axaya
1Esi zitɔtɔ la nu tso le dua me la, Paulo yɔ nusrɔ̃lawo ƒo ƒu hexlɔ̃ nu wo. Eklã wo, eye wòdze mɔ ɖo ta Makedonia. 2Eto afi ma nutowo me hedo ŋusẽ amewo hafi va ɖo Hela-nyigba dzi. 3Enɔ afi ma ɣleti etɔ̃. Esi wònɔ dzadzram ɖo be yeayi Siria la, eva nya be Yudatɔwo ɖo nugbe ɖe ye ŋu, eya ta eɖoe be yeatrɔ ato Makedonia. 4Soparte, ame si nye Piro, Beroeatɔ la vi nɔ eŋuti. Ame bubu siwo hã gakplɔe yii la woe nye: Aristarxo kple Sekundo tso Tesalonika; Gayo, Derbetɔ kple Timoteo, Tixiko kple Trofimo tso Asia. 5Ame siawo do ŋgɔ henɔ mía lalam le Troa. 6Le Amɔwɔ Maʋamaʋã Ŋkekeawo ɖuɖu vɔ megbe la, míeɖo tɔdziʋu tso Filipi. Míenɔ tɔ dzi ŋkeke atɔ̃ hafi va tu wo le Troa, afi si míenɔ ŋkeke adrẽ.
Paulo ɖi tsa yi Troa zi mamlɛtɔ
7Le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, míeƒo ƒu be míaɖu nu ɖekae, eye Paulo ƒo nu na ameawo. Eƒo nu ʋuu va se ɖe zã titina ke, elabe eɖoe be ne ŋu ke la, yeadzo. 8Wosi akaɖi geɖe ɖe xɔ si me míeƒo ƒu ɖo le dziƒoxɔ dzi la me. 9Ɖekakpui aɖe, si ŋkɔe nye Eutixo la bɔbɔ nɔ fesre nu. Esi Paulo ƒe nuƒoa va didi alea la, Eutixo de asi alɔ̃dɔdɔ me. Edɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi ale gbegbe be wòge tso dziƒoxɔ etɔ̃lia dzi va dze anyigba. Esi woyi ɖakɔe la, wokpɔ be eku. 10Paulo ɖi yi anyigba, bɔbɔ ɖe edzi hekpla asi ɖee. Egblɔ na wo be: “Migado boboe o. Agbe gale eme.” 11Azɔ la, Paulo gatrɔ yi dziƒoxɔ la dzi, eye wòɖu nua kple etɔwo. Egayi edzi ƒo nu kpli wo ʋuu va se ɖe fɔŋli hafi dzo. 12Wokplɔ ɖekakpui la yi aƒeme agbagbee eye woƒe dzi dze eme ŋutɔ.
Paulo tso le Troa yi Mileto
13Míedo ŋgɔ yi ɖe tɔdziʋua me, eye míedze mɔ ɖo ta Aso. Paulo na míenya do ŋgɔ be yele afɔ to ge atso mí le afi sia hafi aɖo ʋua kpli mí. 14Esi wòva tu mí le Aso la, eɖo ʋua kpli mí va Mitilene. 15Míeho tso afi ma va ɖo Xio kasa ŋufɔke. Esi ŋu ke la, míeva Samo, eye le ŋkeke si kplɔ ema ɖo dzi la, míeva ɖo Mileto. 16Paulo medi be yeagblẽ ɣeyiɣi le Asia o, eya ta eɖoe be yeato Efeso ŋu ayi, elabe ele kplakpla dzi be, ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem hafi ŋkeke bla atɔ̃lia le Paska la yome naɖo edzi.
Paulo ƒe kaklãnyawo na Efeso-hamemegãwo
17Paulo dɔ ame tso Mileto ɖo ɖe Efeso be woayɔ hamemegãwo vɛ. 18Esi wova la, egblɔ na wo be: “Mienya ale si menɔ mia gbɔ ɣeyiɣiawo katã tso ŋkeke gbãtɔ dzi, esi menyaɖo afɔ Asia-nutome ko. 19Ale si mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi kple aɖatsi hesubɔ Aƒetɔ la le ɣeyiɣi sesẽ siwo katã me wotem kpɔ, esime Yudatɔwo ɖo nugbe ɖe ŋunye la, le nyanya na mi. 20Mienyae be meƒo nu hefia nu le dutoƒo eye mede aƒewo me hã ɖekaɖeka. Mewɔ nu siawo esi nyemedi be maɣla naneke, si akpe ɖe mia ŋu ɖe mi o ta. 21Mexlɔ̃ nu Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa be woadzudzɔ nuvɔ̃ wɔwɔ ava Mawu gbɔ, eye woaxɔ Yesu mía Aƒetɔ dzi ase. 22Azɔ meyina ɖe Yerusalem, abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dii ene, eye nyemenya nu si le dzɔdzɔ ge ɖe dzinye le afi ma o. 23Nu si menya koe nye be, le du ɖe sia ɖe me la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖenɛ fiam be woadem gaxɔ me, eye makpe fu le afi ma. 24#Tim II, 4.7. Ke nyemebu nye agbe, be enye nu vavã alo nu xɔasi aɖeke na nye ŋutɔ o. Nu si koe le vevie nam lae nye be mawu mɔzɔzɔ kple dɔ si Aƒetɔ Yesu ɖo nam be mawɔ la nu. Dɔ siae nye be maɖi ɖase le Nyanyui, si fia ale si Mawu ve mía nui la ŋu. 25Azɔ la, menya be mi ame siwo dome menɔ heɖe gbeƒã fiaɖuɖu la ŋutinya la dome ame aɖeke magakpɔm o. 26Eya ta mele ɖase ɖim na mi egbe be, ne mia dometɔ aɖe tsrɔ̃ la, nyemeɖi fɔ kura o, 27elabe megblɔ nu siwo katã Mawu di be miawɔ la na mi. 28Eya ta mikpɔ miawo ŋutɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã dzi. Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae ɖo mi be mianye edzikpɔla. Milé be na Aƒetɔ ƒe hame si eya ŋutɔ ɖo kple Via ƒe ʋu la. 29Menyae be, ne medzo la, amegãxi wɔadãwo gbɔna mia dome ɖo ge, eye womakpɔ nublanui na alẽha la o. 30Amewo latso miawo ŋutɔ mia dome, ada alakpa ale be nusrɔ̃lawo nadze wo yome. 31Eya ta minɔ ŋudzɔ. Miɖo ŋku edzi be ƒe etɔ̃ sɔŋ ye menɔ mia dome, zã kple keli, tsɔ aɖatsi fia nu mia dometɔ ɖe sia ɖe. 32Azɔ la, mele mia gblẽm ɖe Mawu si me, be wòatsɔ eƒe nya la ave mia nui. Amenuvenya sia ate ŋu ana miatsi ɖe edzi, eye mianyi dome kple ame siwo katã ŋuti wokɔ la. 33Ame aɖeke ƒe klosalo, sika, alo nudodo aɖeke mebiã ŋu nam o. 34Miawo ŋutɔ mienya be nye asi siae metsɔ wɔ dɔ hedi mía kple ame siwo kpe ɖe ŋunye la ƒe nuhiahiãwoe. 35Le nu sia nu me la, mefia mi be ele be ame nawɔ dɔ sesĩe alea, ahakpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu. Miɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, si wògblɔ la dzi. Ebe: ‘Yayra le nunana ame me wu nuxɔxɔ.’ ”
36Esi Paulo wu eƒe nuƒoa nu la, eya kple ameawo katã dze klo, eye wodo gbe ɖa. 37Ameawo katã fa avi, kpla asi kɔ nɛ hegbugbɔ nu nɛ. 38Woxa nu vevie le esi wògblɔ na wo be womegale ye kpɔ ge azɔ o la ta. Woɖoe ɖa va ɖo tɔdziʋua gbɔ.

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in