1
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 20:35
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Le nu sia nu me la, mefia mi be ele be ame nawɔ dɔ sesĩe alea, ahakpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu. Miɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, si wògblɔ la dzi. Ebe: ‘Yayra le nunana ame me wu nuxɔxɔ.’ ”
Compare
Explore Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 20:35
2
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 20:24
Ke nyemebu nye agbe, be enye nu vavã alo nu xɔasi aɖeke na nye ŋutɔ o. Nu si koe le vevie nam lae nye be mawu mɔzɔzɔ kple dɔ si Aƒetɔ Yesu ɖo nam be mawɔ la nu. Dɔ siae nye be maɖi ɖase le Nyanyui, si fia ale si Mawu ve mía nui la ŋu.
Explore Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 20:24
3
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 20:28
Eya ta mikpɔ miawo ŋutɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã dzi. Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae ɖo mi be mianye edzikpɔla. Milé be na Aƒetɔ ƒe hame si eya ŋutɔ ɖo kple Via ƒe ʋu la.
Explore Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 20:28
4
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 20:32
Azɔ la, mele mia gblẽm ɖe Mawu si me, be wòatsɔ eƒe nya la ave mia nui. Amenuvenya sia ate ŋu ana miatsi ɖe edzi, eye mianyi dome kple ame siwo katã ŋuti wokɔ la.
Explore Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 20:32
Home
Bible
Plans
Videos