YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 21

21
Paulo va ɖo Yerusalem
1Míeklã wo, eye míeho zɔ tẽe va ɖo Kos. Míeɖo Rodo ŋufɔke, eye tso afi ma la, míeva ɖo Patara. 2Míekpɔ tɔdziʋu aɖe si yina ɖe Foenisia le afi sia. Míeɖoe, eye míeho dzo. 3Emegbe la, míekpɔ Kipro le adzɔge ɖa. Míeɖee da ɖe miame lɔƒo, eye míeva ɖo Siria heɖi go ɖe Tiro, afi si ʋua le agba ɖe ge ɖo. 4Míekpɔ nusrɔ̃la aɖewo le afi ma, eye míetsi wo gbɔ ŋkeke adrẽ. Gbɔgbɔ la ɖee fia wo be Paulo megayi Yerusalem o eye wogbe nɛ. 5Ke esi míaƒe ɣeyiɣia de la, míedzo le wo gbɔ, eye míeyi míaƒe mɔzɔzɔ dzi. Esi míenɔ dzodzom la, woawo ŋutɔ, wo srɔ̃wo kple wo viwo ɖo mí ɖa ʋuu do le dua me va ɖo ƒuta. Míedze klo do gbe ɖa, 6eye míeklã wo. Míege ɖe ʋua me, eye woawo hã trɔ yi aƒeme.
7Míenɔ ƒu dzi tso Tiro va ɖo Ptolemai. Míedo gbe na nɔviawo le afi ma, eye míenɔ wo gbɔ ŋkeke ɖeka. 8#Dɔw 6.5; 8.5. Ŋufɔke la, míeva ɖo Kaisarea afi si míedze Filipo, Nyanyui gblɔla la ƒeme le. Ŋutsu sia nye ame adrẽ, siwo wotia abe kpeɖeŋutɔwo ene la dometɔ ɖeka. 9Vinyɔnu ɖetugbi ene le esi. Wonye Mawu ƒe gbeƒãɖelawo. 10#Dɔw 11.28. Esime míenɔ afi ma xɔ ŋkeke geɖe la, Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖe si ŋkɔe nye Agabo la tso Yudea va. 11Esi wòva mía gbɔ la, etsɔ Paulo ƒe alidziblanu bla eya ŋutɔ ƒe afɔ kple asi hegblɔ be: “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ be: ‘Yudatɔ siwo le Yerusalem la le alidziblanu sia tɔ bla ge alea, eye woatsɔe ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ” 12Esi mí kple ame bubu, siwo le afi ma la míese nya sia la, míeɖe kuku na Paulo be megayi Yerusalem o. 13Tete Paulo gblɔ be: “Nu kae nye esi wɔm miele? Nu ka ƒe avi fam miele hele dzi gbãm nam? Nye la, nyemedzra ɖo be woadem gaxɔ me ɖeɖe ko le Yerusalem o, ke boŋ be maku le afi ma gɔ̃ hã, le Aƒetɔ Yesu ta.” 14Esi wògbe be yemaxɔ míaƒe nyawo o la, míedzudzɔ fuɖeɖe nɛ hegblɔ be: “Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu neva eme.”
15Le ŋkeke siawo megbe la, míedzra ɖo eye míeyi Yerusalem. 16Nusrɔ̃la aɖewo hã tso Kaisarea yi kpli mí. Wokplɔ mí yi ɖe nusrɔ̃la xoxo aɖe, si ŋkɔe nye Mnason tso Kipro la, ƒeme be míadze egbɔ.
Paulo yi ɖakpɔ Yakobo ɖa
17Esi míeɖo Yerusalem la, nɔviawo xɔ mí kple dzidzɔ. 18Ŋufɔke la, Paulo zɔ kpli mí yi be yeaɖakpɔ Yakobo ɖa. Hamemetsitsiwo katã hã va afi ma. 19Paulo do gbe na wo, eye wògblɔ nu siwo katã Mawu wɔ, to eya Paulo ƒe dɔwɔwɔ me, le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, na wo tsitotsito. 20Esi wose eƒe nyawo la, wokafu Mawu. Azɔ la, wogblɔ nɛ be: “Mía nɔvi, èle esema? Yudatɔ akpe nane siwo zu xɔsetɔwo la katã lé Mose ƒe sea me ɖe asi sesĩe. 21Wogblɔ na wo tso ŋuwò be ègblɔ na Yudatɔ, siwo le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, be woaɖe asi le Mose ƒe sea ŋuti. Gawu la, wobe ègagblɔ hã be womegatso aʋa alo nyi woƒe kɔwo o. 22Wole ese ge godoo, be nèva. Nu kae míawɔ fifia? 23#Mos IV, 6.13-21. Eya ta wɔ nu si gblɔ ge míala na wò la. Ŋutsu ene le mía dome, ame siwo ɖe adzɔgbe. 24Kplɔ wo, ne nàyi aɖakɔ ɖokuiwò ŋu kpli wo, eye nàxe woƒe nugblẽfewo, ale be woate ŋu alũ ta. Ale ame sia ame anya be nu si wose le ŋuwò la, menye nyateƒe o, ke boŋ wò ŋutɔ hã, èle sea dzi wɔm. 25#Dɔw 15.29. Ke le xɔsetɔ siwo menye Yudatɔwo o la gome ya la, míeŋlɔ agbalẽ gblɔ ɖo ɖe wo be míeɖoe be woatsri nuɖuɖu si wotsɔ savɔe na trɔ̃wo. Woatsri ʋuɖuɖu kple lã si me ʋu tsi la ɖuɖu. Womegawɔ ahasi o.” 26Ale Paulo kplɔ ameawo dzoe. Esi ŋu ke la, eyi ɖakɔ eɖokui ŋu kpli wo. Eyi ɖe mawuxɔ la me, eye wòɖe gbeƒã ŋkeke si dzi ŋutikɔɣi la awu enu, eye woana vɔsanu ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ta la.
Wolé Paulo le mawuxɔ la me
27Esi wòsusɔ ʋɛ ne ŋkeke adrẽa nawu enu la, Yudatɔ aɖewo, siwo tso Asia va la kpɔ Paulo le mawuxɔ la me. Wode zi ameha blibo la me, eye wolé Paulo. 28Wodo ɣli be: “Israel-ŋutsuwo, minya aƒe na mí loo! Ame si le tsatsam le nu fiam le afi sia afi tsɔ le ta gblẽm le amewo katã nu lae nye esi! Eyae tsi tre ɖe dukɔ la, Mose ƒe se la kple teƒe sia ŋu! Ekplɔ Helatɔ aɖewo gɔ̃ hã va mawuxɔa me. Eƒo ɖi teƒe kɔkɔe sia!” 29#Dɔw 20.4. Do ŋgɔ la, wokpɔ Paulo kple Trofimo, Efesotɔ la, le dua me, eye wobu be Paulo kplɔe yi ɖe mawuxɔa me.
30Zi tɔ le du blibo la katã me hoo, eye amewo katã do kple du va lé Paulo, eye wohee do go le mawuxɔa me hetu ʋɔawo enumake. 31Esime ameawo di be yewoawu Paulo la, nya la ɖo Romatɔwo ƒe aʋakplɔlagã la gbɔ be zi tɔ le Yerusalem-dua katã me. 32Eɖe asrafo kple aʋakplɔla aɖewo kpe ɖe eɖokui ŋu enumake, eye woƒu du yi ɖe teƒe la. Esi ameawo kpɔ aʋakplɔlagã la kple asrafoawo la, wodzudzɔ Paulo ƒoƒo. 33Aʋakplɔlagã la te ɖe Paulo ŋu eye wòlée. Eɖe gbe be woablae kple kɔsɔkɔsɔ eve. Azɔ la, ebia be: “Ame kae nye esia? Nu kae wòwɔ?” 34Ke amehawo nɔ ɣli dom nɔ nyawo gblɔm hoo. Ne ame si gblɔ ale, ame bubu hã nagblɔ nya bubu. Ʋunyaʋunya la nu sẽ ale gbegbe be aʋakplɔlagã la mete ŋu nya nu si tutu dzɔ o. Ale wòɖe gbe be woakplɔ Paulo ayi ɖe mɔ́ la me. 35Esi wova ɖo atrakpuiawo nu la, ehiã be asrafoawo nakɔ Paulo ɖe ya me, elabe amehawo nɔ nyanyram ŋɔdzitɔe. 36Ameawo katã kplɔe ɖo hoo kple ɣli be: “Miwui!”
Paulo ʋli eɖokui ta
37Azɔ esi asrafoawo kplɔ Paulo yina gege ge ɖe mɔ́ la me la, ebia aʋakplɔlagã la be: “Meɖe kuku, àɖe mɔ magblɔ nya aɖe na wòa?” Aʋakplɔlagã la biae be: “Ɖe nèse Hela-gbea? 38Ke menye wòe nye Egiptetɔ ma, si na zi tɔ le ŋkeke siawo me, eye wòkplɔ hlɔ̃dola akpe ene sɔŋ do yi gbedzi oa?” 39Tete Paulo ɖo eŋu be: “Nye la, Yudatɔwoe menye tso Tarso le Kilikia. Du mafeleŋua me vie menye. Taflatsɛ, ɖe mɔ nam be maƒo nu na ameawo.” 40Aʋakplɔlagã la ɖe mɔ nɛ. Ale Paulo tsi tsitre ɖe atrakpuia dzi wɔ asi na ameawo be woazi ɖoɖoe. Ɖoɖoe zi, eye wòƒo nu na wo le Hebri-gbe me gblɔ be:

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in