YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 19

19
Paulo va Efeso
1Esime Apolo le Korinto la, Paulo to nuto la ƒe dzigbeme va ɖo Efeso. Edo go nusrɔ̃la aɖewo le afi ma. 2Ebia wo be: “Esi miezu xɔsetɔwo ɖe, miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe laa?”
Woɖo eŋu be: “Míesee kpɔ gɔ̃ hã be Gbɔgbɔ Kɔkɔe aɖe li o.”
3Paulo bia wo be: “Ekema mawutsi ka tɔgbe wole na mi?” Woɖo eŋu be: “Yohanes ƒe mawutsie.” 4#Mat 3.11; Mar 1.4, 7, 8; Luk 3.4, 16; Yoh 1.26, 27. Paulo gblɔ be: “Yohanes le mawutsi na dzimetrɔlawo eye wògblɔ na ameawo be woaxɔ ame si le ye yome gbɔna la dzi ase. Ame siae nye Yesu.” 5Esi ameawo se esia la, wona wole mawutsi na wo le Aƒetɔ Yesu ŋkɔ me. 6Esi Paulo da asi ɖe wo dzi la, woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye wogblɔ gbe bubuwo, heɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la hã. 7Ame siawo ƒe xexlẽme ade ŋutsu wui eve.
8Paulo de ƒuƒoƒe la ɣleti etɔ̃ eye wòƒo nu ɖe nya me vɔvɔ̃ manɔmee hete kpɔ be yeatrɔ woƒe susu ɖe Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋuti. 9Ke ame vlo aɖewo le ameawo dome, siwo sẽ dzime, eye womexɔe se o. Wogblɔ nya vlowo ɖe mɔ sinu Aƒetɔ la di be woanɔ agbe ɖo la ŋu le ƒuƒoƒe la me. Ale Paulo kplɔ nusrɔ̃laawo eye eya kple woawo wodzo le ha ma me. Woyi ɖe Tirano ƒe sukuxɔ me, afi si wòdzro nya me kpli wo le gbe sia gbe. 10Enɔ esia wɔwɔ dzi ƒe eve sɔŋ, ale be ame siwo katã nɔ Asia-nutome, eɖanye Yudatɔ alo Helatɔ o, wose Aƒetɔ la ƒe nya la.
Skeva viŋutsuwo
11Mawu wɔ nukunu tɔxɛwo to Paulo dzi. 12Ale be amewo tsɔa takuviwo kple akɔtawuiwo gɔ̃ hã ɖoa eŋu yina na dɔnɔwo eye woƒe lã me sẽna; gbɔgbɔ vɔ̃wo hã do le amewo me. 13Azɔ Yudatɔ aɖewo, siwo tsana tso du me yi du me, eye wonyàa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe le amewo me la hã te kpɔ tsɔ Aƒetɔ Yesu ŋkɔ, be yewoanyà gbɔgbɔ vɔ̃wo adoe. Wogblɔna be: “Mebe do go, le Yesu, ame si Paulo le gbeƒã ɖemee la ŋkɔ me!” 14Nɔviŋutsu adrẽ aɖewo, siwo nye Yudatɔwo ƒe nunɔlagã Skeva viwo lae nɔ nu sia wɔm. 15Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la gblɔ na wo be: “Menya Yesu, menya Paulo hã, ke ame kae miawo ya mienye?” 16Ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ la le la ti kpo dze wo dzi, wɔ fu wo heɖu wo katã dzi. Ede abi wo ŋu; ale wosí dzo le aƒe ma me amamae. 17Esi Yudatɔ kple Helatɔ siwo katã nɔ Efeso se nya sia la, vɔvɔ̃ ɖo wo. Ale wotsɔ bubu na Aƒetɔ Yesu. 18Xɔsetɔawo dometɔ geɖe va ʋu woƒe nuvɔ̃wo me eye wogblɔ nu siwo wowɔna la. 19Wo dometɔ siwo nye dzosalawo la lɔ woƒe agbalẽwo va kɔ ɖi, eye wotɔ dzo wo le ameha la ŋkume. Esi wowɔ akɔnta le agbalẽawo ƒe home ŋu la, wokpɔ be axɔ klosaloga akpe bla atɔ̃ sɔŋ. 20Ale Aƒetɔ la ƒe nya la tsi ɖe edzi hekeke ta ŋusẽtɔe.
Zitɔtɔ le Efeso
21Le nu siawo megbe la, Gbɔgbɔ la na Paulo ɖoe be yeato Makedonia kple Axaya, ayi Yerusalem. Egblɔ be: “Ne meɖo afi ma la, ele be mayi aɖakpɔ Roma hã ɖa.” 22Ale wòdɔ eƒe kpeɖeŋutɔ eve, Timoteo kple Erasto, ɖe Makedonia, eye eya ŋutɔ tsi Asia-nutome vie.
23Ɣeyiɣi sia me lɔƒoe zi dziŋɔ aɖe tɔ le Efeso tso mɔ sinu Aƒetɔ la di be woanɔ agbe ɖo la ŋu. 24Klosalonutula aɖe li si ŋkɔe nye Demetrio. Ŋutsu sia tsɔa klosalo tua nyɔnumawu si ŋkɔe nye Artemis la ƒe mawuxɔ ƒe nɔnɔme na amewo. Dɔ sia hea viɖe geɖe ŋutɔ vanɛ na eƒe aɖaŋudɔwɔlawo. 25Eyɔ ame siawo kple dɔ sia ƒomevi wɔlawo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: “Mía tɔwo, miawo ŋutɔ mienya be dɔ sia wɔwɔ me míetona kpɔa kesinɔnu geɖe. 26Nu si wɔm Paulo le la, miele esem hele ekpɔm ɖe. Ele gbɔgblɔm na amewo be mawu si wowɔ kple asi la, menye mawu wònye o. Egblɔ nya sia le Efeso kple Asia blibo la katã kpe ɖo vɔ kloe, eye wòdze agbagba trɔ ame geɖe ƒe susu woxɔ edzi se. 27Eya ta edze ƒãa be míaƒe dɔ sia gbɔna gbegblẽ ge. Menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ amewo magabu nyɔnumawu Artemis bubutɔ la ƒe mawuxɔ la ɖe naneke me kura o. Gawu la, bubu gã, si wotsɔna na Artemis la hã aklo le eŋu keŋkeŋ; evɔ wònye eyae nye mawu, si amewo katã subɔna le Asia blibo la kple xexea me godoo hafi.”
28Esi ameawo se nya sia la, wodo dɔmedzoe, eye wodo ɣli gblɔ be: “Efesotɔwo ƒe Artemis ye nye gã!” 29Ale zi tɔ le dua me katã. Ameawo lé Gayo kple Aristarxo, Makedoniatɔ siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhatiwo la. Wohe wo kple du yi dutakpeƒe la. 30Paulo di be yeage ɖe ameha la dome ayi ɖe dutakpeƒe la kpli wo, gake nusrɔ̃laawo meɖe mɔ nɛ o. 31Asia-megã aɖewo, siwo nye Paulo xɔlɔ̃wo la hã ɖo ame ɖee kple kukuɖeɖe be megayi o. 32Hoowɔwɔ xɔ takpeƒea katã. Ne ame si to afii, wòagblɔ nya ɖeka; ne bubu to afi mɛ, wòagblɔ bubu; elabe wo dometɔ geɖe menya nu si ta wova ƒo ƒu ɖo o. 33Ameawo dometɔ aɖewo doe ɖa be Aleksandro, ame si Yudatɔwo tsɔ ɖo ŋgɔ la, neƒo nu. Aleksandro di be yeaƒo nu, aɖe ye ɖokui nu na wo ale wòwɔ asi na wo be woazi ɖoɖoe. 34Ke esi ameha la kpɔe dze sii be Yudatɔ wònye la, wo katã wode asi ɣlidodo me, abe gaƒoƒo eve sɔŋ ene kple gbe ɖeka be: “Efesotɔwo ƒe Artemis lae nye gã!” 35Mlɔeba la, dua ƒe agbalẽŋlɔla na ameha la zi ɖoɖoe, eye wògblɔ na wo be: “Nɔvinye Efesotɔwo, ame kae le mía dome afii, si menya be Efeso-du siae nye Artemis gã la ƒe mawuxɔ nɔƒe o? Ame kae menya hã be teƒe siae nye kpe kɔkɔe, si ge tso dziƒo la nɔƒe o? 36Ɖe ame aɖe ate ŋu agblɔ nya aɖe atsi tre ɖe nya siawo ŋua? Eya ta midze kɔ anyi kpoo, eye migawɔ naneke tame mabumabutɔe o. 37Ame siwo miekplɔ va afii la, womefi naneke le mawuxɔ la me o, eye womegblɔ busunya aɖeke hã ɖe míaƒe nyɔnumawu la ŋu o. 38Eya ta nenye be nya aɖe le Demetrio kple eƒe aɖaŋudɔwɔlawo si ɖe ame aɖe ŋu la, ʋɔnudrɔ̃ƒewo li, eye dua dziɖulawo hã li. Mina woatsɔ nya ɖe wo nɔewo ŋu le afi ma. 39Ke ne nya bubu aɖe le mia si la, ekema woate ŋu adrɔ̃ eya le se nu le ʋɔnudrɔ̃ƒea. 40Ne míekpɔ nyuie o la, woatsɔ nya ɖe mía ŋu le ʋunyaʋunya si dzɔ la ta. Evɔ la, míate ŋu agblɔ nu si ta koŋ míena zi tɔ alea gbegbe ɖo o.” 41Esi wògblɔ nya sia la, ena ameha la ka.

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in