YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo 4

4
Abraham ƒe kpɔɖeŋu kple Dawid ƒe ɖaseɖiɖi le kpe ɖom edzi bena, woatso afia na ame to xɔse me.
1Azɔ nuka gblɔ ge míala be, mía tɔgbui Abraham kpɔ le ŋutilã nua? 2Elabena nenye wotso afia na Abraham tso dɔwɔwɔwo me la, nane le esi, si ŋuti wòaƒo adegbe le, gake menye le Mawu gbɔ o. 3Elabena nuka ŋɔŋlɔa gblɔna? „Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ.“ 4Ke amesi le dɔ wɔm la, womebua fetua nɛ abe amenuvevenu ene o, ke boŋ abe nusi dzee ene. 5Ke amesi mele dɔ wɔm o, hafi wòxɔa amesi tso afia na ame mavɔ̃mawu la dzi sena la, wobua eƒe xɔse dzɔdzɔenyenye nɛ; 6abe alesi Dawid hã gblɔ yayranya na amesi Mawu bua dzɔdzɔenyenye na dɔwɔwɔwo manɔsii la ene bena: 7Woayra amesiwo wotsɔ woƒe dzidadawo ke wo la, kple amesiwo wotsyɔ nu woƒe nuvɔ̃wo dzi la; 8Woayra ŋutsu, si Aƒetɔ la mebua eƒe nuvɔ̃ nɛ o la.“
9Azɔ la de yayranyagbɔgblɔ sia va aʋatsotsoa dzi loo, alo aʋamatsomatso hã dzi mahã? Elabena míegblɔna bena: Xɔse la wotso bu dzodzoenyenye na Abraham. 10Azɔ la aleke wobui nɛ? Ɖe esime wotso aʋa nɛ loo, alo esime wometso aʋa nɛ haɖe o mahã? Menye esime wotso aʋa nɛ o, ke esime wometso aʋa ne haɖe o boŋ. 11Eye wòxɔ aʋatsotso ƒe dzesi, si nye xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la, ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu, bene wòanye fofo na amesiwo katã xɔna sena le aʋamatsomatso me la, bene woabui dzɔdzɔenyenye na woawo hã, 12bene wòanye fofo na aʋatsotsotɔwo hã, amesiwo metso aʋatsotso me ɖeɖeko o, hafi amesiwo zɔna le mía fofo Abraham ƒe xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la ƒe afɔtoƒewo me la boŋ.
13Elabena menye se la me ŋugbedodo, si wodo na Abraham alo eƒe ƒome bena, wòanye xexeme ƒe domenyila la, to va o, ke boŋ eto xɔse ƒe dzɔdzɔenyenye me va. 14Elabena nenye amesiwo tso sea me la, wonye domenyilawo la, ekema xɔse la zu gbolo, eye wode ŋugbedodo la da. 15Elabena se la hea dziku vɛ; gake afisi se mele o la, dzidada hã meli o. 16Eyata xɔse me wòtso, bene wòanye le amenuveve nu, bene ŋugbedodo nali zã na ƒome sia ƒome, menye amesiwo tso sea me ɖeɖeko o, hafi amesiwo tso Abraham ƒe xɔse me hã, amesi nye mí katã mia fofo la, 17abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo“ le Mawu, si dzi nèxɔ se ƒe ŋku me, amesi gagbɔa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nusiwo meli o, abe nusiwo li la ene; 18amesi le esime mɔkpɔkpɔa ɖeke megali o la, wòkpɔ mɔ le xɔse me, bene wòatro zu dukɔ geɖewo fofo, abe alesi wogblɔ ne ene bena: „Nenema lanye wò ƒome.“ 19Eye megbɔdzɔ le xɔse me o, mebu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã, si ku xoxo la, esi wòxɔ ƒe, si ano ƒe alafa, kple Sara ƒe vidzidɔ, si ku la o; 20eye meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me hã o, hafi esẽ ŋu le xɔse me boŋ, eye wòtso bubu na Mawu, 21eye wòkpɔ kakaɖedzi blibo bena, nusi ke ŋugbe wòdo la, ate ŋu awɔe hã. 22Eyata wobui dzɔdzɔenyenye nɛ. 23Gake menye eya ɖeɖeko ta woŋlɔe ɖi ɖo bena, wobui nɛ o; 24ke miawo hã tae, mí amesiwo woava abui na, mi amesiwo xɔa amesi fɔ Yesu, mía Aƒetɔ, ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome la dzi sena, 25amesi wotsɔ hena le míaƒe vodadawo ŋuti, eye wofɔe ɖe tsitre le afiatsotso na mí ta.

Currently Selected:

Romatɔwo 4: EWERV

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in