Romatɔwo 5
5
Dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me ƒe kutsetsewo. Abe alesi nuvɔ̃ kple ku to Adam dzi va amewo katã dzi la, nenema ke dzɔdzɔenyenye kple agbe va na amewo katã to Kristo dzi.
1Azɔ la esi wotso afia na mí tso xɔse me la, ŋutifafa le mia kple Mawu dome to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, 2amesi me miekpɔe mɔnu hã le le xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ, si me míetsia tre ɖo la, eye mieƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti. 3Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míeƒoa adegbe le xaxawo me hã, esi mienyae bena, xaxa dzia dzidodo; 4ke dzidodo dzia kelili, ke kelili dzia mɔkpɔkpɔ; 5ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si wona mí la dzi. 6Elabena Kristo gɔ̃ hã, esime míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la, eku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta le azãgbe, si woɖo ɖi la me. 7Elabena bebli hafi amea ɖe aku ɖe ame dzɔdzɔea ɖe ta; ame nyui la, ɖewohĩ amea ɖe ado dzi aku ɖe eta. 8Ke Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wotsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. 9Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me ŋuti la, woaxɔ mí geɖe awu tso dziku la me to eyama me. 10Elabena ne wolé avu le mia kple Mawu dome to Via ƒe ku me, esime míenye ketɔwo la, woaxɔ mi geɖe awu to eƒe agbe me, esime wolé avu na mi megbe la. 11Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míele adegbe ƒom le Mawu me hã to mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, amesi me miekpɔ avuléle le azɔ.
12Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la; 13elabena vaseɖe sededeŋɔli ke nuvɔ̃ le xexeame, gake ne se meli o la, womebua nuvɔ̃ o; 14gake ku la ɖu fia tso Adam dzi vaseɖe Mose dzi ɖe amesiwo mewɔ nuvɔ̃, si sɔ kple Adam ƒe dzidada o la dzi, amesi nye amesi gbɔna la ƒe kpɔɖeŋu la. 15Gake menye sigbe alesi vodada li la, nenema ke nye amenuvevenunana hã o; elabena nenye ame ɖeka ƒe vodada ŋuti ame geɖewo ku ɖo la, ekema Mawu ƒe amenuveve kple nunana, si le Yesu Kristo, ame ɖeka ƒe amenuveve me la, sɔ gbɔ geɖe wu hegbã go ɖe ame geɖewo dzi. 16Eye menye alesi to ame ɖeka, si wɔ nuvɔ̃ la dzi, nunana la va ɖo o; elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ la tso ame ɖeka me zu fɔbubu, ke amenuvevenunana la tso ame geɖewo ƒe vodadawo me zu avatsotsoname. 17Elabena nenye to ame ɖeka ƒe vodada me ku la ɖu fia to ame ɖeka dzi la, ekema amesiwo xɔ dzɔdzɔenyenye ƒe amenuveve kple nunana ƒe agbɔsɔsɔ la, woaɖu fia geɖe awu le agbe me to Yesu Kristo ɖeka dzi. 18Eyata azɔ alesi to vodada ɖeka me fɔbubu va amewo katã dzi la, nenema ke to nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖeka me agbe ƒe afiatsotsoname hã va amewo katã dzi. 19Elabena alesi to ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo me wowɔ ame geɖewo zu nuvɔ̃wɔlawo la, nenema ke to ame ɖeka ƒe toɖoɖo me hã woawɔ ame geɖewo woazu ame dzɔdzɔewo. 20Ke se la va tra ɖe eme, bene vodada la nasɔ gbɔ ɖe dzi; ke afisi nuvɔ̃ la sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ geɖe wu, 21bene alesi ke nuvɔ̃ la ɖu fia ɖe ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fía to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ dzi.
Currently Selected:
Romatɔwo 5: EWERV
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.