1
Romatɔwo 4:20-21
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
eye meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me hã o, hafi esẽ ŋu le xɔse me boŋ, eye wòtso bubu na Mawu, eye wòkpɔ kakaɖedzi blibo bena, nusi ke ŋugbe wòdo la, ate ŋu awɔe hã.
Compare
Explore Romatɔwo 4:20-21
2
Romatɔwo 4:17
abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo“ le Mawu, si dzi nèxɔ se ƒe ŋku me, amesi gagbɔa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nusiwo meli o, abe nusiwo li la ene
Explore Romatɔwo 4:17
3
Romatɔwo 4:25
amesi wotsɔ hena le míaƒe vodadawo ŋuti, eye wofɔe ɖe tsitre le afiatsotso na mí ta.
Explore Romatɔwo 4:25
4
Romatɔwo 4:18
amesi le esime mɔkpɔkpɔa ɖeke megali o la, wòkpɔ mɔ le xɔse me, bene wòatro zu dukɔ geɖewo fofo, abe alesi wogblɔ ne ene bena: „Nenema lanye wò ƒome.“
Explore Romatɔwo 4:18
5
Romatɔwo 4:16
Eyata xɔse me wòtso, bene wòanye le amenuveve nu, bene ŋugbedodo nali zã na ƒome sia ƒome, menye amesiwo tso sea me ɖeɖeko o, hafi amesiwo tso Abraham ƒe xɔse me hã, amesi nye mí katã mia fofo la
Explore Romatɔwo 4:16
6
Romatɔwo 4:7-8
Woayra amesiwo wotsɔ woƒe dzidadawo ke wo la, kple amesiwo wotsyɔ nu woƒe nuvɔ̃wo dzi la; Woayra ŋutsu, si Aƒetɔ la mebua eƒe nuvɔ̃ nɛ o la.“
Explore Romatɔwo 4:7-8
7
Romatɔwo 4:3
Elabena nuka ŋɔŋlɔa gblɔna? „Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ.“
Explore Romatɔwo 4:3