YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo 3

3
Amewo katã nye nuvɔ̃wɔlawo, woatso afia na wo to xɔse me ko.
1Azɔ la, nukae nye Yudatɔ ƒe nu nyui, si ƒo ta la, alo nu kae nye aʋatsotso ƒe viɖea? 2Nu geɖe le go sia go me; gbã wotsɔ Mawu ƒe nyawo ɖewo si. 3Elabena ne amea ɖewo mewɔ nuteƒe o la, nukae? Alo ɖe woƒe nuteƒemawɔmawɔ aɖe Mawu ƒe nuteƒetɔnyenye ɖa mahã? 4Gbeɖe! Hafi nenɔ ale: Mawu nye nyateƒetɔ, ke amesiame aʋatsokalae, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Bene woatso afia na wò le wò nyawo me, eye bene naɖu dzi, ne wodrɔ̃ ʋɔnu wò.“ 5Ke ne miaƒe madzɔmadzɔnyenye ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go fia la, nuka gblɔ ge mialã? Ne Mawu fia dziku la, ɖe etɔ medzɔ oa? Meƒo nu abe ame ene. 6Gbeɖe! Elabena ekema aleke Mawu ladrɔ̃ ʋɔnu xexeamee ma? 7Ke ne Mawu ƒe nyateƒea zu gã wu to nye aʋatsokaka me hena eƒe ŋutikɔkɔe la, nukaŋuti woadrɔ̃ ʋɔnu nye hã abe nuvɔ̃wɔla ene mahã? 8Eye nukaŋuti miawo, abe alesi woɖoa vlo mi, eye abe alesi amea ɖewo ɖea aɖe nu me na mí be, miegblɔna bena: „Mina míawɔ nuvɔ̃, bena nu nyui nava“ ene o boŋ mahã? Amesiawo ƒe fɔbubu edzɔ.
9Azɔ la, aleke wòle? Ɖe mia tɔ ƒo ame bubuwo tɔ ta mahã? O, mele nenema kura o; elabena mietso Yudatɔwo kple Helatɔwo nu da ɖi bena, wo katã wole nuvɔ̃a te, 10alesi woŋlɔ ɖi bena: „Ame dzɔdzɔea ɖeke meli o, ɖeka hɔ̃ meli o. 11Amea ɖeke meli, si nya nu o, amea ɖeke meli, si biaa Mawu ta sena o! 12Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ. Amea ɖeke meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o. 13Yɔdo, si le nuvo la, enye woƒe ve me, woƒe aɖewo gblɔa nya vivi ŋanɛŋanɛ; ƒliwo ƒe aɖi le woƒe nuyiwo me; 14fiƒode kple veve helĩhelĩ yɔ woƒe nu me fũ. 15Woƒe afɔwo ɖe abla, be woakɔ ʋu ɖe anyi, 16gbegblẽ kple dzɔgbevɔ̃e le woƒe mɔwo dzi; 17eye womenya ŋutifafamɔ la o. 18Mawuvɔvɔ̃a ɖeke metso ga ɖe ŋku me na wo o.“ 19Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu. 20Elabena to se la ƒe dɔwɔwɔwo me la womatso afia na ŋutilãa ɖeke le eƒe ŋku me o; elabena se la me nuvɔ̃ ƒe sidzedze dzɔ tso.
21Ke azɔ la se la manɔmee woɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye hefiã, esi ŋuti se la kple nyagblɔɖilawo ɖi ɖase le, 22esi nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, si toa Yesu Kristo dzixɔxɔse me vana na amesiwo katã xɔna sena la. Elabena vovototoa ɖeke meli o; 23elabena wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim, 24eye wotso afia na wo faa le eƒe amenuveve me to fexexeɖeta, si nye Kristo Yesu ta la me, 25amesi Mawu ɖe avulénu to xɔse me le eƒe ʋu la me, bene yeaɖe eƒe dzɔdzɔenyenye afia, le esi wòŋe aɖaba ƒu nuvɔ̃, siwo wowɔ tsã la dzi, le esime Mawu ɖo dzi la ŋuti, 26bena yeaɖe eƒe dzɔdzɔenyenye afia le ɣeyiɣi sia me, bene eya nanye dzɔdzɔetɔ kple amesi tsoa afia na amesi si Yesu dzixɔse le.
27Azɔ la, afika adegbeƒoƒo le mahã? Woɖee ɖe aga. To se ka ƒomevi mea? Ɖe dɔwɔwɔwo toe loo? Gbeɖe! Hafi to xɔse ƒe se la me boŋ. 28Eyata míebuna bena, wotsoa afia na ame to xɔse me, se la ƒe dɔwɔwɔwo manɔmee. 29Alo ɖe Mawu nye Yudatɔwo ɖeɖeko tɔ, eye menye trɔ̃subɔlawo to hã oa? Ẽ, trɔ̃subɔlawo to hã wònye: 30elabena Mawu ɖekae nye amesi tso afia na aʋatsotsotɔwo tso xɔse me kple aʋamatsomatsotɔwo tso xɔse me. 31Ekem ɖe mietsɔ xɔse la tu se la mahã? Gbeɖe! Ke mietsɔ se la tu tsitre boŋ.

Currently Selected:

Romatɔwo 3: EWERV

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in