Romatɔwo 2
2
Yudatɔwo hã nye nuvɔ̃wɔlawo abe trɔ̃subɔlawo ke ene.
1Eyata taflatsedodoa ɖeke mele asiwò o, oo ame, amesi ke ƒomevi nènye le ʋɔnu drɔ̃m la! Elabena nusi ke netsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke netsɔna bua fɔ ɖokuiwò; elabena wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke. 2Ke mienyae bena, Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le nyateƒe la nu va amesiwo wɔ nenem nusiawo la dzi. 3Ke, oo ame, si le ʋɔnu drɔ̃m amesiwo woa nenem nusiawo, eye wò ŋutɔ nèwɔa nu mawo ke la, ɖe nèsusuna bena, yeate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã? 4Alo ɖe nèdoa vlo Mawu ƒe dɔmenyonyo kple dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu ƒe agbɔsɔsɔ la, eye menyae bena, Mawu ƒe dɔmenyonyo kplɔa wò yina ɖe dzimetɔtrɔ me o mahã? 5Ke wò la, le wò dzi sesẽ, si metrɔ o la nu, nèƒo dziku nu ƒu ɖi na ɖokuiwò hena dziku ƒe ŋkeke kpakple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe ɖeɖefia la, 6amesi aɖo teƒe na amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu: 7Amesiwo tsɔa dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me dia ŋutikɔkɔe kple bubu kple nu magblẽmagblẽ la, woana agbe mavɔ wo; 8ke amesiwo lɔ̃a dzrehehe, eye womeɖoa to nyateƒe la o, hafi woɖoa to madzɔmadzɔnyenye boŋ la, wo tɔ anye dziku kple dɔmedzoe: 9Xaxa kple momenuveve ava amesiame, si le vɔ̃ wɔm la ƒe luʋɔ dzi, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã; 10hafi ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋutifafa woana amesiame, si le nu nyui wɔm la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã. 11Elabena ameŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele Mawu gbɔ o.
12Elabena ame alesi nu wɔ nuvɔ̃ se manɔ wo sii la, woatsrɔ̃ se manɔ wo sii; eye ame alesi nu wɔ nuvɔ̃, eye se le wo si la, woatsɔ se la adrɔ̃ ʋɔnu wo. 13Elabena menye amesiwo sea se la, wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me o, hafi boŋ woatso afia na amesiwo wɔa se la dzi. 14Elabena ne trɔ̃subɔla, siwo si se mele o la, wɔa nusi nye se la tɔ tso dzɔdzɔ me la, ekema amesiwo si se mele o la, wonye se na wo ɖokui, 15abe amesiwo fia bene, woŋlɔ se la ƒe dɔwɔwɔ ɖe woƒe dziwo me la ene, eye woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase hekpena ɖe eŋu, eye woƒe tamebubuwo nɔa wo nɔewo nu tsom, alo wonɔa wo nɔewo nu ɖem hã, 16le ŋkeke, si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo le nye nyanyuie la nu to Yesu Kristo dzi la dzi.
17Ke wò la, ne woyɔ wò be Yudatɔ, eye nèɖoa ŋu ɖe se la ŋu, eye nèƒo adegbe le Mawu me, 18eye nènya eƒe lɔlɔ̃nu, eye nèbu nusi dzɔ kple esi medzɔ o me kpɔ, esi wotia nu wò le sea me la, 19eye neɖo ŋu ɖe ɖokuiwò ŋu bena, yee nye ŋkuagbãtɔwo ƒe mɔfiala kple amesiwo le viviti me la ƒe kekeli 20kple ame manyanuwo ƒe hela kple ɖeviwo ƒe nufiala, amesi si sidzedze kple nyateƒe ƒe nɔnɔme, si le sea me la, le la, 21ekem wò amesi fia nu ame bubuwo la, ɖe mèfia nu ɖokuiwò oa? Wò amesi ɖe gbe ƒã bena, womegati fi o la, wòe fi fia? 22Wò amesi gblɔ bena, womegawɔ ahasi o la, wòe wɔ ahasia? Wò amesi nyɔ ŋu trɔ̃wo la, wòe ha trɔ̃subɔƒenuwo mahã? 23Wò amesi ƒo adegbe le se la ŋuti la, wòe doa vlo Mawu to seadzidada mea? 24Elabena le miawo ŋuti la wogblɔa busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti le trɔ̃subɔlawo dome, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.
25Elabena ne èwɔ sea dzi la, aʋatsotso enye viɖe; hafi nenye seadzidala nènye la, ekema wò aʋatsotso zu aʋamatsomatso. 26Azɔ la, ne aʋamatsomatsotɔ dzra se la ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔewo ɖo la, womabu eƒe aʋamatsomatso la aʋatsotso nɛ o mahã? 27Eye amesi nye aʋamatsomatsotɔ tso dzɔdzɔ me, gake wowu sea nu la, adrɔ̃ ʋɔnu wò amesi wònye agbalẽŋlɔdzesi kple aʋatsotso li na wò hafi, gake nèda se la dzi. 28Elabena menye amesi ke nye Yudatɔ le gota la, enye Yudatɔ o, eye menye nusi ke le gota le ŋutilã ŋu la, enye aʋatsotso o; 29hafi amesi nye Yudatɔ le ɣaɣla me la, eya boŋ enye Yudatɔ, eye dzimeʋatsotso le gbɔgbɔ me, menye le agbalẽŋlɔdzesi nu o la, eyae nye aʋatsotso; amesi ƒe kafukafu metso amewo gbɔ o, ke tso Mawu gbɔ boŋ.
Currently Selected:
Romatɔwo 2: EWERV
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.