1
Romatɔwo 3:23-24
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
elabena wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim, eye wotso afia na wo faa le eƒe amenuveve me to fexexeɖeta, si nye Kristo Yesu ta la me
Compare
Explore Romatɔwo 3:23-24
2
Romatɔwo 3:22
esi nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, si toa Yesu Kristo dzixɔxɔse me vana na amesiwo katã xɔna sena la. Elabena vovototoa ɖeke meli o
Explore Romatɔwo 3:22
3
Romatɔwo 3:25-26
amesi Mawu ɖe avulénu to xɔse me le eƒe ʋu la me, bene yeaɖe eƒe dzɔdzɔenyenye afia, le esi wòŋe aɖaba ƒu nuvɔ̃, siwo wowɔ tsã la dzi, le esime Mawu ɖo dzi la ŋuti, bena yeaɖe eƒe dzɔdzɔenyenye afia le ɣeyiɣi sia me, bene eya nanye dzɔdzɔetɔ kple amesi tsoa afia na amesi si Yesu dzixɔse le.
Explore Romatɔwo 3:25-26
4
Romatɔwo 3:20
Elabena to se la ƒe dɔwɔwɔwo me la womatso afia na ŋutilãa ɖeke le eƒe ŋku me o; elabena se la me nuvɔ̃ ƒe sidzedze dzɔ tso.
Explore Romatɔwo 3:20
5
Romatɔwo 3:10-12
alesi woŋlɔ ɖi bena: „Ame dzɔdzɔea ɖeke meli o, ɖeka hɔ̃ meli o. Amea ɖeke meli, si nya nu o, amea ɖeke meli, si biaa Mawu ta sena o! Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ. Amea ɖeke meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o.
Explore Romatɔwo 3:10-12
6
Romatɔwo 3:28
Eyata míebuna bena, wotsoa afia na ame to xɔse me, se la ƒe dɔwɔwɔwo manɔmee.
Explore Romatɔwo 3:28
7
Romatɔwo 3:4
Gbeɖe! Hafi nenɔ ale: Mawu nye nyateƒetɔ, ke amesiame aʋatsokalae, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Bene woatso afia na wò le wò nyawo me, eye bene naɖu dzi, ne wodrɔ̃ ʋɔnu wò.“
Explore Romatɔwo 3:4