YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo 14

14
Kristo tɔ wo naxɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔm wo, eye womana nuɖiaɖiawo o.
1Ke amesi gbɔdzɔ le xɔse me la, mixɔe, gake menye bene miahe nya le tamesusu vovovowo ŋuti o. 2Ame ɖeka xɔna sena bena, yeate ŋu aɖu nusianu, ke amesi gbɔdzɔ la, ama ko wòɖuna. 3Amesi dua nu la, nagaɖo vlo amesi meɖua nu o la o; eye amesi meɖua nu o la, nagadrɔ̃ ʋɔnu amesi ɖunɛ la o, elabena Mawu xɔe. 4Wò la, ameka nènye be, nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubu ƒe dɔla? Ye ŋutɔ ƒe aƒetɔ wòle tsitre na, alo wòdze anyi na; gake anɔ tsitre, elabena Mawu ate ŋu alée ɖe tsitre. 5Ame ɖeka bua ŋkeke ɖeka wua ŋkeke bubu, ke ame bubu bua ŋkeke sia ŋkeke sɔsɔe. Amesiame nakpɔ kakaɖedzi le ye ŋutɔ ƒe tamesusu me. 6Amesi bua ŋkeke la, ebunɛ na Aƒetɔ la; eye amesi mebua ŋkeke o la. Aƒetɔ lae mebunɛ na o. Amesi ɖua nu la, eɖunɛ na Aƒetɔ la, elabena eda akpe na Mawu; eye amesi meɖua nu o la, Aƒetɔ lae meɖunɛ na o, eye wodaa akpe na Mawu. 7Elabena mia dome amea ɖeke mele agbe na eɖokui o, eye amea ɖeke mekuna na eɖokui o. 8Elabena ne míele agbe la, miele agbe na Aƒetɔ la, eye ne mieku la, mieku na Aƒetɔ la. Azɔ nenye míele agbe alo mieku la. Aƒetɔ la tɔ míenye. 9Elabena esia ŋuti Kristo ku, eye wògagbɔ agbe ɖo, bene wòaɖu Aƒetɔ ɖe ame kukuwo kple ame gbagbewo siaa dzi. 10Ke wò la, nukaŋuti nèdrɔ̃a ʋɔnu nɔviwò mahã? Alo wò hã, nukaŋuti nèdo vlo nɔviwò mahã? Elabena mi katã míava nɔ tsitre ɖe Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. 11Elabena woŋlɔ ɖi bena; „Aƒetɔ la gblɔ be: Meta nye agbe: Woadze klo sia klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu me na Mawu.“ 12Eyata azɔ mía dome ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.
13Azɔ la migana miadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔewo o, hafi midrɔ̃ ʋɔnu le nusia ŋuti boŋ bena, amea ɖeke nagatsɔ nukikli alo nuɖiaɖia ada ɖe nɔvia ƒe mɔ dzi o. 14Menyae, eye mekpɔ kakaɖedzi le Aƒetɔ Yesu me bena, naneke menye kɔgblẽɖonu le eɖokui si o, negbe amesi ke bua nane kɔgblẽɖonu la, eyama wòzu kɔgblẽɖonu na. 15Ke ne nɔviwò le nu xam le wò nuɖuɖu ŋuti la, ekema megale zɔzɔm le lɔlɔ̃ la nu o. Megatsɔ wò nuɖuɖu tsrɔ̃ ame ma, si la Kristo ku ɖo la o! 16Azɔ la migana woagblɔ busunya ɖe miaƒe nu nyui la ŋuti o!: 17Elabena mawufiaɖuƒe la menye nuɖuɖu kple nunono o, ke dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kple dzidzɔ le Gbɔgbɔ kɔkɔe me boŋ ye. 18Elabena amesi ke subɔa Kristo le nusiawo me la, eƒe nu nyoa Mawu ŋu, eye wòdzea amewo ŋu. 19Eyata azɔ minɛ míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome? 20Megagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ le nuɖuɖu ta o! Nusianu ŋuti kɔ hafi; gake la enye vɔ̃ na amesi ɖui le nuɖiaɖia me. 21Enyo bena, màɖu lã o, eye màno aha hã o, alo mawɔ nane, si nɔviwò klina alo wòɖia enu alo wògbɔdzɔna le eŋuti la o. 22Wò la, xɔse, si le asiwò la, nanɔ asiwò na wò ŋutɔ le Mawu ŋku me. Woayra amesi medrɔ̃ ʋɔnu eɖokui le nusi wòdo kpɔ wòdze la ŋuti o. 23Ke amesi le ɖi kem, ne eɖui la, wobu fɔe, elabena èwɔ nusi metso xɔse me o; ke nusianu, si metso xɔse me o la, nuvɔ̃ wònye.

Currently Selected:

Romatɔwo 14: EWERV

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in