Romatɔwo 13
13
Kristotɔwo le toɖoɖo dziɖuɖu.
1Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. Elabena dziɖuɖua ɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko; ke dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi. 2Eyata amesi ke dzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋuti la, etsia tre ɖe Mawu ƒe nuɖoanyi ŋuti; ke amesiwo dzea aglã la, woakpɔ woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃. 3Elabena dziɖulawo menye ŋɔdzi na nuwɔna nyuiwo o, ke na vɔ̃ɖiawo boŋ. Ke ɖe mèlɔ̃ be, navɔ̃ dziɖuɖu la o mahã? Ekema wo nu nyui, eye àkpɔ kafukafu tso egbɔ; 4elabena Mawu ƒe subɔla wònye le wò nyonyo ŋuti. Ke ne èwɔ nu vɔ̃ɖi la, ŋɔ nadzi wò, elabena melé yi la ɖe asi dzodzro o, elabena Mawu ƒe subɔla kple amesi tsoa dziku biaa hlɔ̃ amesi le nu vɔ̃ɖi wotu la wònye. 5Eyata ehiã be, miabɔbɔ mia ɖokui, menye dzikudodo ta ɖeɖeko o, hafi le dzitsinya ŋuti hã boŋ. 6Esia ŋuti miedzɔa nu ɖo hã, elabena Mawu ƒe dɔtsɔlawo wonye, amesiwo na nenem nusia wɔwɔ dzi. 7Eyata azɔ la mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, mìdzɔ nu nɛ; amesi to nye adzɔnana la, mina adzɔe; amesi dze vɔvɔ̃ la, nuvɔ̃e; amesi dze bubu la, mibui.
Nuxɔxlɔ̃ hena nɔvilɔlɔ̃.
8Miganyi naneke ƒe fe le amea ɖeke si o, negbe mía nɔewo lɔlɔ̃ ƒe fe ko; elabena amesi ke le ame bubu lɔm la, ewu se la nu. 9Elabena nya, si woŋlɔ ɖi bena: „Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megabiã ŋu o;“ eye ne se bubua ɖe gali la, ƒe ta le nya sia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene!“ 10Lɔlɔ̃ la mewɔa vɔ̃ ɖe amehavi ŋuti o; eyata lɔlɔ̃ lae nye sedziwɔwɔ.
Nuxɔxlɔ̃ hena zɔzɔ le kekeli me.
11Eye miwɔ esia, elabena mienyã ɣeyiɣi la kɔte bena, gaƒoƒo la de vɔ bena, miafɔ tso alɔ̃ me; elabena azɔ la agbexɔxɔa tu mi wu tsã, esime miexɔ se la. 12Zã la va yi vɔ, eye ŋu le kekem! Azɔ la minɛ miaɖe viviti me dɔwɔwɔwo ɖa, eye miado kekeli ƒe aʋawɔnuwo! 13Minɛ míazɔ nyuie, abe alesi dze le ŋkeke me ene, menye le aglotutuwo kple ahamumuwo, menye le ahasi wɔwɔwo kple hadzedzewo, menye le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o; 14hafi mido Aƒetɔ Yesu Kristo boŋ, eye migana beléle na ŋutilã nazu nudzodzrowo yomenɔnɔ o.
Currently Selected:
Romatɔwo 13: EWERV
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.