Romatɔwo 15
15
Kristo tɔ wo ƒe dzigbɔgbɔɖanyi na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo kple woƒe ɖekawɔwɔ le wo nɔewo dome.
1Ke ele na mi, amesiwo ŋu ŋusẽ le la bena, miatsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míagadze mía ɖokui ŋu o. 2Mía dome amesiame nadze ehavi ŋu hena eƒe nyonyo, bene woatsɔe atu; 3elabena Kristo hã medze eɖokui ŋu o, hafi abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Amesiwo dzu wò la ƒe dzudzu va dze dzinye.“ 4Elabena nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene miatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ nukpɔkpɔ. 5Ke dzidodo kple akɔfafa ƒe Mawu la awɔ mi bena, miasusu tame ɖeka le mia nɔewo dome le Kristo Yesu nu, 6bene miatsɔ tame ɖeka kple nu ɖeka akafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo la. 7Eyaŋuti mixɔ mia nɔewo, abe alesi Kristo hã xɔ mi ene hena Mawu ƒe kafukafu. 8Elabena mele egblɔm bena, Yesu Kristo zu subɔla na aʋatsotso le Mawu ƒe nyateƒe ŋuti, bene wòali ke ŋugbedodo, siwo wodo na fofoawo la; 9eye bena trɔ̃subɔlawo kafu Mawu le eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋuti, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Esiaŋuti makafu wò le trɔ̃subɔlawo dome, eye wò ŋkɔ la madzi kafukafuha na.“ 10Eye wògagblɔ be: „Dzi nedzɔ mi trɔ̃subɔlawo hekpe ɖe eƒe dukɔ ŋuti.“ 11Eye wògagblɔ bena: „Mikafu Aƒetɔ la, mi trɔ̃subɔlawo katã! Mido vivi ɖe eŋuti, mi dukɔwo katã!“ 12Eye Yesaya gagblɔ bena: „Isai ƒe kè kple amesi atsi tre, bene yeaɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi la, ava; eyama xexemedukɔwo lãkpɔ mo na.“ 13Ke mɔkpɔkpɔ ƒe Mawu la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã aye mi taŋ le xɔxɔse me, bene miakpɔ mɔkpɔkpɔ sɔ gbɔ fũ le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.
Nyanyuie la yayra to apostolo la dzi.
14Ke nɔvinyewo, nye ŋutɔ meɖo ŋu ɖe mia ŋu keŋ bena, míenye amesiwo dɔmenyonyo yɔ fũ, eye sidzedze yɔ mi taŋtaŋ, bene miate ŋu axlɔ̃ nu mia nɔewo hã. 15Gake la metso dzideƒo geɖe wu ŋlɔ na mi le nya si kple nya si ŋuti, nɔvinyewo, abe ɖe magaɖo ŋku wo dzi na mi ene le amenuveve, si Mawu nam la ŋuti, 16bene manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na trɔ̃subɔlawo, eye mawɔ Mawu ƒe nyanyuie la ƒe nunɔnɔdɔ, bene trɔ̃subɔlawo nazu vɔsa, si adze eŋu, eye eŋuti ko to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me. 17Eyata nye adegbeƒoƒo, si le asinye la, ele Kristo Yesu me le Mawu ƒe do ŋuti. 18Elabena nyemado dzi agblɔ nyaa ɖeke o, negbe nusiwo Kristo wo to dzinye hena trɔ̃subɔlawo ƒe toɖoɖo le nyagbɔgblɔ kple dɔwɔwɔ me, 19le dzesiwo kple nukunuwo ƒe ŋusẽ me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me, ale bena tso keke Yerusalem kple eƒe nutowo me godoo vaseɖe Iliriko ke meɖe gbe ƒã Kristo ƒe nyanyuie la le keŋ. 20Ke le esiawɔwɔwo me mebui bubunu be, magblɔ nyanyuie la atia, menye afisi woyɔ Kristo ƒe ŋkɔ le xoxo o, bene nyemagatu ɖe ame bubu ƒe gɔmeɖoɖoanyi dzi o, 21hafi abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Amesiwo womeɖe gbe ƒãe na haɖe o la, woawo akpee, eye amesiwo mesee haɖe o la, woawo aŋɔ ɖe eme.“
22Esiaŋuti hã kuxi kum edziedzi bena, nyemete ŋu va mia gbã haɖe o. 23Ke azɔ esi teƒe megali nam le afisia nutowo me o, eye wòle dzroyem vevie ƒe geɖe enye si bena, mava mia gbɔ la, 24gbesigbe ke madze mo ayi Spania la, mava mia gbɔ; elabena mele mɔ kpɔm bena, ne mele afima mɔ tom la, mava kpo mi ɖa, eye miaɖom ɖa ayi afima, ne mia kpɔkpɔ naɖi ko nam ʋee hafi. 25Ke azɔ mele mo dze ge ayi Yerusalem, mele ame kɔkɔewo subɔ ge. 26Elabena edze Makedonia kple Axaya ŋu bena, woadzo nu na ame dahe, siwo le Yerusalem ƒe ame kɔkɔewo dome la. 27Elabena edze wo ŋu, eye wonye woƒe fenyilawo hã; elabena ne trɔ̃subɔlawo kpɔ woƒe gbɔgbɔmenuwo gome la, edze bena, woawo hã woatsɔ woƒe xexemenuwo asubɔ woamawo. 28Azɔ la, ne mewu esia nu, eye metre nenem kutsetse sia nu na wo la, matso mia gbɔ ayi Spania. 29Ke menyae bena, ne meva mia gbɔ la, mava kple Kristo ƒe yayra ƒe agbɔsɔsɔ blibo la.
30Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, le mia Aƒetɔ Yesu Kristo kple Gbɔgbɔ ƒe lɔlɔ̃ me bena, miade dzinye ate kame le gbedodoɖawo me na Mawu ɖe tanye, 31bene woaɖem atso tosẽla, siwo le Yudea la si me, eye bena nye subɔsubɔdɔ, si mewɔ hena Yerusalem la, nadze ame kɔkɔewo ŋu nyuie, 32bene mava mia gbɔ kple dzidzɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, eye mia kple miawo míagbɔ ɖe eme. 33Ke ŋutifafa Mawu la nanɔ anyi kpli mi katã! Amen.
Currently Selected:
Romatɔwo 15: EWERV
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.