1
Romatɔwo 14:17-18
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
Elabena mawufiaɖuƒe la menye nuɖuɖu kple nunono o, ke dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kple dzidzɔ le Gbɔgbɔ kɔkɔe me boŋ ye. Elabena amesi ke subɔa Kristo le nusiawo me la, eƒe nu nyoa Mawu ŋu, eye wòdzea amewo ŋu.
Compare
Explore Romatɔwo 14:17-18
2
Romatɔwo 14:8
Elabena ne míele agbe la, miele agbe na Aƒetɔ la, eye ne mieku la, mieku na Aƒetɔ la. Azɔ nenye míele agbe alo mieku la. Aƒetɔ la tɔ míenye.
Explore Romatɔwo 14:8
3
Romatɔwo 14:19
Eyata azɔ minɛ míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome?
Explore Romatɔwo 14:19
4
Romatɔwo 14:13
Azɔ la migana miadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔewo o, hafi midrɔ̃ ʋɔnu le nusia ŋuti boŋ bena, amea ɖeke nagatsɔ nukikli alo nuɖiaɖia ada ɖe nɔvia ƒe mɔ dzi o.
Explore Romatɔwo 14:13
5
Romatɔwo 14:11-12
Elabena woŋlɔ ɖi bena; „Aƒetɔ la gblɔ be: Meta nye agbe: Woadze klo sia klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu me na Mawu.“ Eyata azɔ mía dome ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.
Explore Romatɔwo 14:11-12
6
Romatɔwo 14:1
Ke amesi gbɔdzɔ le xɔse me la, mixɔe, gake menye bene miahe nya le tamesusu vovovowo ŋuti o.
Explore Romatɔwo 14:1
7
Romatɔwo 14:4
Wò la, ameka nènye be, nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubu ƒe dɔla? Ye ŋutɔ ƒe aƒetɔ wòle tsitre na, alo wòdze anyi na; gake anɔ tsitre, elabena Mawu ate ŋu alée ɖe tsitre.
Explore Romatɔwo 14:4