1
Mateo 7:7
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
Mibia, eye woana mi; midi, eye miakpɔ; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi
Linganisha
Chunguza Mateo 7:7
2
Mateo 7:8
elabena amesiame, si biaa nu la, exɔa nu, eye amesi dia nu la, ekpɔa nu, eye amesi ƒoa ʋɔ la, woʋunɛ nɛ.
Chunguza Mateo 7:8
3
Mateo 7:24
Eyaŋuti amesiame, si se nye nya siawo, eye wòwɔ wo dzi la, matsɔe aɖo ŋutsu nyanu, si tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi la ŋuti
Chunguza Mateo 7:24
4
Mateo 7:12
Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.
Chunguza Mateo 7:12
5
Mateo 7:14
Elabena agbo la le biie, eye mo la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.
Chunguza Mateo 7:14
6
Mateo 7:13
Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme.
Chunguza Mateo 7:13
7
Mateo 7:11
Azɔ ne mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo la, mienya alesi miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo, si le dziƒo la, mana nu nyuiwo amesiwo bianɛ la, awu mi o mahã?
Chunguza Mateo 7:11
8
Mateo 7:1-2
Migadrɔ̃ ʋɔnu, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o. Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatso adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.
Chunguza Mateo 7:1-2
9
Mateo 7:26
Eye amesiame, si sea nye nya siawo, eye mewɔa wo dzi o la, woatsɔe aɖo ŋutsu manyanu, si tu eƒe xɔ ɖe ke dzi la ŋuti
Chunguza Mateo 7:26
10
Mateo 7:3-4
Ke nuka wo nèkpɔa ati fefee, si ɖo nɔviwò ƒe ŋku me la, eye atikpo, si le wò ŋuta wò ŋku dzi la, medzea si eya o mahã? Alo aleke lawɔ nagblɔ na nɔviwò bena: Na mɔm, ne maɖe ali fefee la le wò ŋku me, eye kpɔ ɖa, atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi mahã?
Chunguza Mateo 7:3-4
11
Mateo 7:15-16
Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti, amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, eva le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo. Mitso woƒe tsetsewo dze si wo. Ɖe wogbea weinkpo le aŋɔkawo dzi loo, alo wogbea gbowo le srẽwo dzi mahã?
Chunguza Mateo 7:15-16
12
Mateo 7:17
Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui; eye ale manyomanyo tsea ku manyomanyo.
Chunguza Mateo 7:17
13
Mateo 7:18
Ati nyui mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo hã mate ŋu atse ku nyui o.
Chunguza Mateo 7:18
14
Mateo 7:19
Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.
Chunguza Mateo 7:19
Nyumbani
Biblia
Mipango
Video