Mose IV 3
3
Aron viwo
1Aron kple Mose ƒe dzidzimeviwo nye esiawo esime Aƒetɔ ƒo nu kple Mose le Sinai-to dzi. 2#Mos IV, 26.60. Viŋutsu ene nɔ Aron si siwo ŋkɔwoe nye: Nadab, eƒe ŋgɔgbevi, Abihu, Eleazar kple Itamar. 3Wosi ami na wo heɖo wo nunɔlawoe, 4#Mos III, 10.1, 2; Mos IV, 26.61.ke Nadab kple Abihu ku esime wotsɔ dzo makɔmakɔ va sa vɔe na Aƒetɔ le Sinai-gbedadaƒo. Vi menɔ wo si o, ale Eleazar kple Itamar va zu nunɔlawo le wo tɔ́ Aron ƒe agbenɔɣi.
Wotia Levi viwo be woanye nunɔlawo ƒe kpeɖeŋutɔwo
5Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 6“Kplɔ Levi-to la me tɔwo va nunɔla Aron gbɔ, eye nàɖo wo bene woanye eƒe subɔlawo. 7Woawoe awɔ dɔ na Aron le nye agbadɔ ŋu, nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo kple dɔ siwo ku ɖe ha blibo la ŋu. 8Woakpɔ nye agbadɔ la ŋuti nuwo katã dzi, eye woakpe ɖe Israelviwo ŋu ne wova subɔsubɔ ge le agbadɔ la gbɔ. 9Tsɔ wo de Aron kple viawo si be woawo nanye wo subɔlawo koŋ le Israelviwo dome. 10Nàɖo Aron kple viawo be woawo ko nanye nunɔlawo; ke ne ame bubu aɖe va be yeawɔ woƒe dɔ la, wonewu amea.”
11Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 12#Mos II, 13.2.“Kpɔ ɖa, mexɔ Levi viwo le Israelviwo dome ɖe ŋgɔgbevi siwo katã ʋu dɔ nu le Israelviwo dome la teƒe. Levitɔwo nanye tɔnye, 13elabe ŋgɔgbeviwo katã la tɔnyewoe. Gbe si gbe mewu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi la, mekɔ ŋgɔgbeviwo katã le Israel ŋu la na ɖokuinye; amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo siaa, be woanye tɔnye. Nyee nye Aƒetɔ.”
Levi viwo xexlẽ
14Aƒetɔ gblɔ na Mose le Sinai-gbedadaƒo la be: 15“Tia Levi viŋutsu siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la nàxlẽ ɖe aƒekɔaƒekɔ kple ƒomeƒome nu.” 16Ale Mose xlẽ wo pɛpɛpɛ abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ be nexlẽ woe ene. 17Levi viwo ŋkɔwoe nye: Gerson, Kehat kple Merari. 18Gerson viwo ŋkɔwo le woƒe ƒomewo nu nye esi: Libni kple Simei. 19Kehat viwo nye esi le woƒe ƒomewo nu: Amram, Yizhar, Xebron kple Uziel. 20Merari viwo nye esi le woƒe ƒomewo nu: Maxeli kple Musi. Esiawo nye Levi viwo ƒe ƒomewo le wo tɔ́wo ƒe aƒewo nu.
21Gerson ƒomeawo nye: Libni viwo kple Simei viwo. 22Ŋutsu siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema le wo dome la ƒe xexlẽme le ame akpe adrẽ alafa atɔ̃. 23Gerson ƒomeawo naƒu asaɖa anyi ɖe agbadɔ la megbe le ɣetoɖoƒe, 24eye woƒe tatɔe nye Eliasaf, Lael vi. 25Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ agbadɔ la dzi. Agbadɔ la me vɔ, egodotɔ kple mɔnuvɔwo le woƒe dzikpɔkpɔ te. 26Azɔ kpɔ si ƒo xlã agbadɔa kple vɔsamlekpui la godoo kple agbadɔ la ŋu kawo hã le eme. Subɔsubɔdɔ bubu siwo katã ku ɖe nu siawo ŋu la kpɔ wo ŋkume.
27Kehat ƒomeawo nye: Amram viwo, Xebron viwo kple Uziel viwo. 28Ŋutsu siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema le wo dome la ƒe xexlẽme le akpe enyi alafa ade. 29Ƒome sia naƒu asaɖa anyi ɖe agbadɔ la ƒe axa dzi le anyigbeme lɔƒo, 30eye woƒe tatɔe nye Elisafan, Uziel vi. 31Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ nu siwo gbɔna la dzi: Nubablaɖaka la, kplɔ̃ la, akaɖiti la, vɔsamlekpuiawo, tsikunu siwo ŋudɔ nunɔlawo wɔna le kɔkɔeƒe la me kple xɔmetsovɔ la. Subɔsubɔdɔ bubu siwo katã ku ɖe nu siawo ŋu la kpɔ wo ŋkume. 32Levi viwo ƒe tatɔe nye Eleazar, nunɔla Aron vi. Eyae nye tatɔ na Levi vi siwo katã kpɔa kɔkɔeƒe la dzi.
33Merari ƒomeawo nye: Maxeli viwo kple Musi viwo. 34Ŋutsu siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema le wo dome la ƒe xexlẽme le akpe ade alafa eve. 35Woawo naƒu asaɖa anyi ɖe agbadɔ la ƒe dzigbeme lɔƒo, eye woƒe tatɔe nye Zuriel, Abixail vi. 36Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ nu siwo gbɔna la dzi: Ʋuƒo siwo le agbadɔa ŋu, gametiawo, sɔtiawo kple woƒe afɔwo kpakple wo ŋu nu bubuawo. Gawu la, subɔsubɔdɔ bubu siwo katã ku ɖe nu siawo ŋu la kpɔ wo ŋkume. 37Merari ƒomeawo kee akpɔ kpɔtiawo katã kple woƒe afɔwo, tsyotiawo kple wo ŋu kawo hã dzi.
38Mose kple Aron kpakple Aron viŋutsuawo naƒu asaɖa anyi ɖe agbadɔ la ŋgɔ le ɣedzeƒe lɔƒo. Woƒe dɔdeasie nye be woawɔ dɔ le kɔkɔeƒe la na Israelviwo. Ke ne ame bubu aɖe va be yeawɔ woƒe dɔ la, wonewui. 39Ŋutsu siwo katã xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema le Levi viwo dome siwo Mose kple Aron xlẽ le woƒe ƒomewo nu, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na wo ene la, ƒe xexlẽme nye akpe bla eve vɔ eve.
Levi viwo va xɔ ɖe ŋgɔgbeviwo teƒe
40Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Tia ŋutsu ŋgɔgbevi siwo katã xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la le Israelviwo dome, eye nàŋlɔ woƒe ŋkɔwo axlẽ. 41Eyome, tia Levi viwo ɖe Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe. Nyee nye Aƒetɔ. Nenema ke le lãhawo gome hã la, Levi viwo ƒe lã ŋgɔgbeviwo katã hã nye tɔnye axɔ ɖe Israel ƒe lã ŋgɔgbeviwo teƒe.” 42Ale Mose xlẽ ŋgɔgbeviwo katã le Israelviwo dome le Aƒetɔ ƒe sedede nu. 43Ŋutsu siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la ƒe xexlẽme nye akpe bla eve vɔ eve alafa eve bla adrẽ vɔ etɔ̃.
44Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 45“Kɔ Levi viwo ŋu nam be woanye tɔnye ɖe ŋutsu ŋgɔgbevi siwo katã le Israel la teƒe. Nenema ke kɔ Levi viwo ƒe lãhawo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu nam ɖe Israelviwo tɔ teƒe. 46Esi wònye Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo tsɔ ame alafa eve bla adrẽ vɔ etɔ̃ sɔ gbɔ wu Levi viwo ta la, xɔ ame tsidziawo nàƒle. 47Xe klosaloga atɔ̃ ɖe ame ɖeka ta, le gaɖɔliɖɔli ƒe ɖoɖo si li la nu, 48eye nàtsɔ ame tsidziawo ƒe ga la na Aron kple via ŋutsuwo.” 49Mose wɔ ɖe nya la dzi, eye wòtsɔ 50klosaloga akpe ɖeka alafa etɔ̃ bla ade vɔ etɔ̃ la 51na Aron kple via ŋutsuwo abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene.
اکنون انتخاب شده:
Mose IV 3: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.