“Kpɔ ɖa, mexɔ Levi viwo le Israelviwo dome ɖe ŋgɔgbevi siwo katã ʋu dɔ nu le Israelviwo dome la teƒe. Levitɔwo nanye tɔnye, elabe ŋgɔgbeviwo katã la tɔnyewoe. Gbe si gbe mewu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi la, mekɔ ŋgɔgbeviwo katã le Israel ŋu la na ɖokuinye; amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo siaa, be woanye tɔnye. Nyee nye Aƒetɔ.”