Yona 4
4
Yona do dziku be Mawu kpɔ nublanui na Ninive
1Ke esia medze Yona ŋu kura o. Dzi kui vevie. 2#Mos II, 34.6. Ale wòdo gbe ɖa na Aƒetɔ gblɔ be: “Aƒetɔ, taflatsɛ, nya sia ko megblɔ esime menɔ mía dee! Aleae mebu le gɔmedzedzea eya ta mesí yina Tarsis ɖo! Elabe menyae be Mawu si vea ame nu, eye wòkpɔa nublanui na ame lae nènye. Mèkpɔa dziku kabakaba o; ènyoa dɔme tegbee, eye nètrɔa tame tso vɔ̃ wɔwɔ gbɔ. 3#Fia I, 19.4. Eya ta, Aƒetɔ, fifia meɖe kuku, nà maku boŋ, enyo nam wu.” 4Aƒetɔ biae be: “Ɖe wònyo be nàdo dzikua?” 5Tete Yona do go le dua me, eye wòyi ɖe dua ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Ewɔ agbadɔ ɖe afi ma, nɔ anyi ɖe ete be yeakpɔ nu si le dzɔdzɔ ge ɖe dua dzi la ɖa.
6Ke Aƒetɔ Mawu dɔ treklɔnu#4.6: TREKLƆNU: Wobui be ate ŋu anye dzoŋgbalẽ le Hebri-gbe me. aɖe wòva mie ɖe afi si Yona le la heɖe alɔ ɖo vɔvɔli ɖe edzi bene eƒe dzi nafa. Yona kpɔ dzidzɔ le ka la ŋu ŋutɔ. 7Ke evea gbe ƒe fɔŋli la, Mawu dɔ ŋɔ aɖe wòva ɖu treklɔnu la wòyrɔ. 8Esi ɣe dze la, Mawu dɔ ɣedzeƒeya xɔdzo ɖa, eye ŋdɔ ɖu ta na Yona ale gbegbe be wòku ƒenyi. Ku gɔ̃ hã dzroe. Egblɔ be: “Ne meku boŋ la, enyo nam wu.” 9Ke Mawu bia Yona be: “Dziku dom nèle be treklɔnu la kua? Tɔwò dzɔ fifia?” Yona ɖo eŋu be: “Ne medo dziku la, tɔnye dzɔ. Medo dziku be maku gɔ̃ hã.” 10Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Treklɔnu sia mie hewɔ le zã ɖeka me, eye wòku le zã ɖeka me. Mèdoe o, mèkpɔ edzi wòtsi o, eye eƒe ku wɔ nublanui na wò alea gbegbe! 11Ɖe medze be Ninive, du gã sia, si me nɔlawo menya nyui tso vɔ̃ gbɔ o la ƒe tsɔtsrɔ̃ nawɔ nublanui nam oa? Ame siwo le dua me la sɔ gbɔ wu akpe alafa ɖeka bla eve hekpe ɖe lã geɖewo ŋue!”
اکنون انتخاب شده:
Yona 4: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.