Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Treklɔnu sia mie hewɔ le zã ɖeka me, eye wòku le zã ɖeka me. Mèdoe o, mèkpɔ edzi wòtsi o, eye eƒe ku wɔ nublanui na wò alea gbegbe! Ɖe medze be Ninive, du gã sia, si me nɔlawo menya nyui tso vɔ̃ gbɔ o la ƒe tsɔtsrɔ̃ nawɔ nublanui nam oa? Ame siwo le dua me la sɔ gbɔ wu akpe alafa ɖeka bla eve hekpe ɖe lã geɖewo ŋue!”