Mose II 39
39
Nunɔlawo ƒe awuwo tɔtɔ
(Mos II, 28.1-14)
1Wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzẽ lɔ̃ atsyɔ̃ɖowuwo be woatsɔ awɔ subɔsubɔdɔe le kɔkɔeƒe la, eye wolɔ̃ awu kɔkɔewo na Aron, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
2Etsɔ sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada lɔ̃ kɔmewu la. 3Woƒo sika la gbabɛ eye wodzee lɛlɛlɛ be aɖaŋuvɔlɔ̃lawo nate ŋu atsɔe atsaka kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada alɔ̃ aɖaŋutɔe. 4Akpa eve me kɔmewu la le, eye wokpee le eƒe goawo kple eve me. 5Akɔblanu si le eŋu la wɔ ɖeka kplii; sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada ke wotsɔ lɔ̃e aɖaŋutɔe abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene. 6Wotsɔ sika ƒo fefeka ɖe sohamkpe eve ŋu, eye ŋkɔɖelawo ɖe Israel viŋutsuwo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi. 7Etsɔ wo ɖo kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israel viŋutsuwo dzi, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
Akɔtaɖonu la wɔwɔ
(Mos II, 28.15-30)
8Ewɔ akɔtaɖonu la aɖaŋutɔe kple sika, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada abe kɔmewu la ene. 9Dzogoe ene me wòle, eye woŋe akɔtaɖonu la me ɖe eve; edidi asi ƒe dzidzeme ɖeka, eye wòkeke asi ƒe dzidzeme ɖeka. 10Woɖo kpewo ɖe eŋu ɖe agbaka ene me. Agbaka gbãtɔ nye: karneol, topas kple smaragd. 11Agbaka evelia nye: rubin, safir kple oniks. 12Agbaka etɔ̃lia nye: lugurio, axat kple ametist. 13Agbaka enelia nye: krisolit, soham kple yaspis, eye wotsɔ sika ƒo fefeka ɖe wo ŋu ƒo xlã wo. 14Kpeawo le wui eve ɖe Israel viŋutsuwo ŋkɔwo nu, eye ŋkɔɖelawo ta to wui eveawo ŋkɔwo ɖe wo dzi. 15Wotsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbee la wɔ kɔsɔkɔsɔwo ɖe akɔtaɖonu la ŋu. 16Eyome wotsɔ sika wɔ gbo eve kple sikasigɛ eve, eye wotɔ asigɛ eveawo ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoewo dzi. 17Wotsɔ sikakɔsɔkɔsɔ eveawo de asigɛ eveawo me le akɔtaɖonu la ƒe dzogoewo dzi. 18Eyome wode kɔsɔkɔsɔ eveawo ƒe nu eveawo ƒe gbo eveawo ŋu, eye wotɔ gboawo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo ŋgɔ. 19Wogawɔ sikasigɛ eve, eye wotɔ wo ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe mamlɛ eveawo dzi le eme ale be wodze akɔtablanu la dzi. 20Emegbe wogawɔ sikasigɛ eve, eye wotɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo kple eve to le ŋgɔ, afi si woɖe kɔme nɛ ɖo aɖaŋutɔe le kɔmewu la ƒe dzi gome. 21Wogbi aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka sa ɖe asigɛ siwo le akɔtaɖonua ŋu la ŋuti hetsi ɖe asigɛ siwo le kɔmewua ŋu la ŋuti, ale be akɔtaɖonu la lí ɖe akɔtablanu la dzi maʋamaʋãe abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
Nunɔlawo ƒe awu bubuwo tɔtɔ
(Mos II, 28.31-43)
22Etsɔ aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka ɖeɖe lɔ̃ dziwui si dzi woado kɔmewu ɖo la. 23Woɖe kɔme nɛ ɖe titina eye woƒo kɔme la to va kpe be magadze o. 24Etsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada wɔ yevuboɖawo ɖe awu la to godoo va kpe. 25Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nyawowoewo, eye wotsi nyawowoeawo ɖe yevuboɖawo dome le dziwui la to godoo va kpe; 26nyawowoe ɖeka yevuboɖa ɖeka, nyawowoe ɖeka yevuboɖa ɖeka. Alea wole le dziwui la to godoo va kpe hena subɔsubɔ ƒe dzesi abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene. 27Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ awutewui ʋlayawo na Aron kple via ŋutsuwo. 28Wotsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ tablanuwo, eye wotsɔ ɖeti ɣi dada lɔ̃ agbotɛ ɣiawo. 29Wotsɔ ɖeti ɣi dada, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kpakple ka dzẽ lɔ̃ alidziblanu la tsɔ abui ɖo nu ɖe eme aɖaŋutɔe abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene. 30Emegbe wotsɔ sika nyuitɔ wɔ fiakuku kɔkɔe la eye ŋkɔɖelawo ŋlɔ nu ɖe edzi be: “Ele kɔkɔe na Aƒetɔ”. 31Wotsi aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka ɖe eŋu be woate ŋu asae ɖe tablanu la ŋu abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.
Dɔ la nuwuwu
(Mos II, 35.10-19)
32Ale wowu nɔƒe si nye godoƒegbadɔ la ŋudɔwo katã nu. Ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose be woawɔe la, nenema Israelviwo wɔe pɛpɛpɛ. 33Wokɔ nɔƒe la va Mose gbɔ; agbadɔ la kple eŋu nuwo katã, eŋu ga gɔdɔ̃eawo, ʋɔtrutiawo, gametiawo sɔtiawo, afɔawo, 34agbogbalẽ kple gbɔ̃gbalẽ siwo wote kpee kpakple xɔmetsovɔ la, 35nubablaɖaka la, eŋu kpoawo kple nutuvi la, 36kplɔ̃ la kple eŋu nuwo katã kpakple vɔsabolo la, 37sikakaɖiti la kple eŋu kaɖigbɛawo si woɖo ɖe agbaka nu, eŋu nuwo katã kple akaɖimemi, 38sikavɔsamlekpui la, amisinanu la kple dzudzɔdonu si wotsɔ atike ʋeʋẽewo wɔe kpakple agbadɔnuvɔ la, 39akɔblivɔsamlekpui la kple eŋu akɔblidzrala la, eŋu kpoawo kple eŋu nuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ; 40kpɔ la ŋu vɔwo, kpɔtiawo, afɔawo kple agbonuvɔ na xɔxɔnu la, agbadɔ ŋu kawo kple tsyotiawo kpakple nu siwo katã ŋudɔ woawɔ le nɔƒe si nye godoƒegbadɔ la me: 41atsyɔ̃ɖowu nyui siwo woado awɔ subɔsubɔdɔ le kɔkɔeƒe la, nunɔla Aron ƒe awu kɔkɔewo kple via ŋutsuwo ƒe awuawo be woanye awu siwo nunɔlawo atsɔ asubɔe abe nunɔlawo ene. 42Ale si tututu Aƒetɔ gblɔ na Mose la, nenema pɛpɛpɛ Israelviwo wɔ dɔ blibo lae. 43Mose kpɔ dɔawo katã eye kpɔ ɖa, wowɔe abe ale si Aƒetɔ gblɔ be woawɔe la ene. Tete Mose yra wo.
اکنون انتخاب شده:
Mose II 39: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.