Mose II 38

38
Numemevɔsamlekpui la wɔwɔ
(Mos II, 27.1-8)
1Etsɔ xe kpa numemevɔsamlekpui la hã. Edidi meta eve kple afã eye wòkeke meta eve kple afã; akpa eneawo sɔ. Ekɔ meta ɖeka kple afã. 2Ewɔ lãdzo ɖe eƒe dzogoe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ewɔ dzoawo kple vɔsamlekpui la ɖekae, eye wòfa akɔbli ɖe vɔsamlekpui la ŋu. 3Etsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋu nuwo katã siwo nye: dzowɔlɔnuwo, sofiwo, zewo, gaflowo kple dzoɖesonuwo. 4Etsɔ akɔbli wɔ gaɖɔ hã ɖe eŋu godoo tso ete va se ɖe titina. 5Ewɔ akɔblisigɛ ene ɖe akɔbligaɖɔ la ŋu, ɖeka ɖe eƒe dzogoe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ, be woate ŋu aƒo kpo ɖe wo me. 6Etsɔ xe kpa kpoawo, eye wòfa akɔbli ɖe woawo hã ŋu. 7Etsɔ kpoawo ƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpuia ƒe axawo dzi be ne woate ŋu atsɔ wo akɔe. Ʋuƒo wòtsɔ wɔ vɔsamlekpui lae ale be do le eme.
Akɔblitsileze la wɔwɔ
(Mos II, 30.18)
8 # Mos II, 30.18. Etsɔ akɔbli wɔ tsileze la kple eƒe zɔ hã. Nyɔnu siwo subɔna le godoƒegbadɔa nu ƒe ahũhɔ̃ewoe wòtsɔ wɔe.
Takpeƒegbadɔ la ŋu kpɔtɔtɔ
(Mos II, 27.9-19)
9Eyome ewɔ xɔxɔnu la. Etsɔ ɖeti ɣi dada lɔ̃ avɔ hena kpɔ la tɔtɔ le anyigbemekpa dzi si didi meta bla ene vɔ ene. 10Wotu kpɔti bla eve siwo gɔme akɔblifɔ bla eve le la ɖe eŋu; ke etsɔ klosalo wɔ kpɔtiawo ŋu ga gɔdɔ̃ewo kple helétiwoe. 11Dzigbemekpa hã didi meta bla ene vɔ ene, eye wotu kpɔti bla eve siwo gɔme akɔblifɔ bla eve le la ɖe eŋu; ke etsɔ klosalo wɔ kpɔtiawo ŋu ga gɔdɔ̃eawo kple helétiawoe. 12Le ɣetoɖoƒekpa dzi la, avɔ la didi meta bla eve vɔ eve, kpɔti ewo siwo gɔme afɔ ewo le la le eŋu eye wotsɔ klosalo wɔ kpɔtiawo ŋu ga gɔdɔ̃eawo kple helétiawoe. 13Ɣedzeƒekpa dzi le meta bla eve vɔ eve. 14Avɔ meta ade kple afã le eƒe akpa ɖeka, eye kpɔti etɔ̃ siwo gɔme afɔ etɔ̃ le la, kpe ɖe eŋu. 15Avɔ si le akpa evelia la le meta ade kple afã, eye kpɔ etɔ̃ siwo gɔme afɔ etɔ̃ le la, kpe ɖe eŋu. Alea wole le agbo la ƒe akpa eveawo. 16Ɖeti ɣi dada wotsɔ lɔ̃ avɔ siwo katã le kpɔa ŋu godoo va kpe lae. 17Kpɔtiawo ƒe afɔwo nye akɔbli; ke wotsɔ klosalo wɔ wo ŋu ga gɔdɔ̃eawo kple helétiawoe. Wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame hã. 18Ena avɔlɔ̃la tsɔ aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka, hẽtɔ ƒe ka, dzẽtɔ ƒe ka kple ɖeti ɣi dada lɔ̃ avɔ si woatsi ɖe nɔƒea ƒe agbo nu. Ena wota nu ɖe eme hã kple abui. Mɔnuvɔ la didi meta asieke eye wòkɔ meta eve abe avɔ bubu siwo hã le kpɔa me la ene. Wotsɔ abui ta atsyɔ̃ɖonuwo ɖe eme. 19Ekpa kpɔti ene ɖe eŋu; woƒe afɔwo nye akɔbli, ga gɔdɔ̃eawo nye klosalo eye wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame kple helétiawo ŋu. 20Agbadɔ la ŋu tsyotiwo kple kpɔ la ŋu tsyotiwo katã nye akɔbli.
Ganu siwo ŋudɔ wowɔ tsɔ tu godoƒegbadɔ la
21Agbadɔa tutu ƒe dzeside si wolé da ɖie nye esi: agbadɔ si me nubabla la le la, abe ale si Mose de see ene, hena Levi viwo ƒe dɔwɔwɔ le Itamar, nunɔla Aron viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. 22Bezaleel, Uri viŋutsu, ame si nye Xur tɔgbuiyɔvi tso Yuda-to la mee wɔ nu sia nu abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene. 23Eƒe kpeɖeŋutɔe nye Oholiab, Axisamak viŋutsu tso Dan-to la me. Enye aɖaŋunuwo kpala, eye wòtsɔa aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi lɔ̃a aɖaŋuvɔ ƒomevi vovovowoe.
24Sika siwo katã ŋudɔ wowɔ le dɔ la wɔwɔ kple kɔkɔeƒe la katã tutu me kpakple sika si tso nudzɔdzɔ me la ƒe kpekpeme le kilo akpe ɖeka le kɔkɔeƒe la ƒe nudada nu. 25#Mos II, 30.11-16.Klosalo siwo ame xexlẽawo na la ƒe kpekpeme le kilo akpe etɔ̃ alafa ene bla etɔ̃ le kɔkɔeƒe la ƒe nudada nu. 26#Mat 17.24.Ŋutsu siwo katã woxlẽ, ame siwo xɔ ƒe bla eve alo wu nenema la, le ame akpe alafa ade kple etɔ̃, alafa atɔ̃ bla atɔ̃, eye wo dome ame sia ame na beka ɖeka si nye sekel kɔkɔe afã. 27Wotsɔ klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene kɔ̀ kɔkɔeƒe la ƒe afɔwo kple xɔmetsovɔ la ƒe afɔwo; kilo bla etɔ̃ vɔ ene de afɔ ɖeka nu. 28Etsɔ kilo bla etɔ̃ tu kpɔtiawo ŋu ga gɔdɔ̃eawo kple helétiawo; eya ke wofa ɖe wo tame. 29Akɔbli siwo wodzɔ la le kilo akpe eve alafa ene bla eve vɔ atɔ̃. 30Woawo wòtsɔ wɔ godoƒegbadɔ la ŋu ʋɔtrutiwo ƒe afɔwo kple akɔblivɔsamlekpui la, eŋu dzralawo kpakple vɔsamlekpui la ŋu gbawo kple kpluwo, 31kpɔ la ƒe afɔwo godoo va kpe kple agbo la ƒe afɔwo, nɔƒe la ƒe tsyotiwo katã kple kpɔ la ƒe tsyotiwo katã godoo va kpe.

اکنون انتخاب شده:

Mose II 38: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید