Efesotɔwo 4:11-13

Efesotɔwo 4:11-13 EB14

Eyae ma eƒe nunanawo na mí. Ena ame aɖewo nye amedɔdɔwo, ɖewo nye Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, ɖewo ɖea gbeƒã Nyanyui la, ɖewo nye hame la kplɔlawo, eye bubuwo nye nufialawo. Ema nunana siawo be yeatsɔ adzra ame siwo ŋu wokɔ la ɖo, ne woawɔ yeƒe dɔ, eye hekpe ɖe esia ŋu la, yeatsɔ wo atu Kristo ƒe ŋutilã, si nye hame lae. Mawu wɔ esia, be mí katã míava zu ɖeka le nu si dzi míexɔ se la me, eye míava dze si Mawu Vi la keŋkeŋ. Míatsi aɖo ŋutsume asɔ ta kple Kristo, eye eƒe nɔnɔme blibo la nasu mía si.

برنامه های خواندنی رایگان و عبادات مربوط به Efesotɔwo 4:11-13