Korintotɔwo II, 12:6-7
Korintotɔwo II, 12:6-7 EB14
Evɔ ne mebe maƒo adegbe le ɖokuinye ŋu la, nyemaƒoe abe movitɔ ene o, elabe nu si magblɔ la, anye nyateƒe ɖeɖe sɔŋ. Ke nyemaƒo adegbe o, elabe ame aɖe ava bu be menye amegã wu ale si mele, eye eƒe susu le ŋunye masɔ kple nu si wòkpɔ le ŋunye, alo wòse le ŋunye la o. Eya ta, be nyemagado ɖokuinye ɖe dzi tso nu geɖe, siwo Mawu ɖe fiam ŋuti o la, wode dɔ si le abe ŋu ene la, lã me nam. Dɔ sia zu Satana ƒe dɔla le lã me nam, eye wòɖea fu nam vevie, bene nyemagado ɖokuinye ɖe dzi akpa o.



