Romatɔwo 1
1
1Agbalẽ sia tso nye Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla gbɔ. Mawue tiam, heyɔm meva zu amedɔdɔ, bene maɖe gbeƒã yeƒe Nyanyui la. 2Mawu do Nyanyui sia ŋugbe xoxoxo to eƒe gbeƒãɖelawo dzi, eye wòle mawunya kɔkɔeawo me. 3Nyanyui la ku ɖe Via ŋu. Edzɔ abe amegbetɔ ene, eye wodzii wònye David ƒe dzidzimevi. 4Abe ame si tso Mawu gbɔ ene la, woɖee fia ŋusẽtɔe abe Mawu Vi ene, esi wofɔe ɖe tsitre tso ku me. Eyamae nye Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la. 5Mawu to eyama dzi ve mía nu míeva zu amedɔdɔwo, ale be, to eƒe ŋkɔ me la, míakplɔ dukɔwo katã, be woava xɔ Mawu dzi ase ahaɖo toe. 6Mi Romanɔlawo hã miele ame siwo woyɔ be woava zu Yesu Kristo tɔwo la dome.
7Esia tae mele agbalẽ sia ŋlɔm na mi, ame siwo katã le Roma; mi ame siwo Mawu lɔ̃ vevie, eye wòyɔ mi be miava zu ame siwo ŋu wokɔ la.
Mawu mía Tɔ́ kple Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu, eye woana ŋutifafa mi!
Paulo da akpe na Mawu
8Gbã la, mele akpe dam na nye Mawu le mi katã mia ta, to Yesu Kristo dzi, elabe ale si miexɔ Mawu dzi see la, ɖi hoo de afi sia afi le xexea me. 9Mawu si mesubɔna le gbɔgbɔ me to Via ƒe Nyanyui la kaka me lae nye nye ɖasefo, be ne mele gbe dom ɖa la, meɖoa ŋku mia dzi ɖaa. 10Mele kuku ɖem nɛ be wòaɖe mɔ azɔ be mate ŋu ava kpɔ mi ɖa dzro. 11Enye nye didi vevie be míado go ŋkume kple ŋkume, ale be mana nunana aɖe si tso Gbɔgbɔ la gbɔ la mi, bene wòado ŋusẽ mi. 12Nu si mewɔnɛ lae nye be míado ŋusẽ mía nɔewo: nye xɔse nado ŋusẽ mi, eye miawo hã mia tɔ nado ŋusẽ nye hã. 13#Dɔw 19.21. Nɔviwo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe ŋutɔ, be mava mia gbɔ hafi, ke medze edzi nam kpɔ va se ɖe fifi o. Medi be nye asi nasu dzimetrɔla aɖewo dzi le miawo hã mia dome, abe ale si wòsu ame bubu siwo hã menye Yudatɔwo o la, dzi la ene. 14Elabe enye nye dɔdeasi be maɖe gbeƒã Nyanyui la na amewo katã: ame ʋuŋkuwo kple ame maʋuŋkuwo, agbalẽnyalawo kple ame manyagbalẽwo siaa. 15Ale enye nye didi vevie be magblɔ Nyanyui la na mi, ame siwo le Roma hã.
Ŋusẽ le Nyanyui la si
16 #
Mar 8.38. Nyanyui la mekpea ŋu nam o, elabe Mawu ƒe ŋusẽ wònye. Exɔa ame siwo katã xɔa edzi sena la ɖe agbe; Yudatɔwo gbã kple ame siwo menye Yudatɔwo o la hã. 17#Xab 2.4. Nyanyui la mee woɖe ale si Mawu bua ame be ele dzɔdzɔe la ɖe go fia le. Esia nye xɔse ƒe nya tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu. Woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Ame si le dzɔdzɔe le eƒe xɔse ta la latsi agbe.”
Ame aɖeke mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume o
18Ale si Mawu doa dziku ɖe ame siwo mevɔ̃nɛ o la ŋu, ame siwo tsɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ɖo dɔe, ale be wotsɔa nuvɔ̃ɖi wɔwɔ tea nyateƒe la ɖe to la, dze ƒãa tso keke dziƒo ke. 19Nu si amegbetɔ ate ŋu anya tso Mawu ŋuti la, enyae xoxo hafi, elabe Mawu ŋutɔ ɖee fiae. 20#Nya 13.1-9; Sir 17.8.Tso esime wowɔ xexea me la, Mawu ƒe ŋusẽ si li ɖaa kple nu si wònye ƒe nɔnɔme, esiwo nye nu siwo ŋkumekpɔna le Mawu ŋu o la, dze ƒã le nu siwo wòwɔ la me. Ale amegbetɔ aɖeke mate ŋu ado taflatsɛ be yemenya nu siawo o. 21#Efes 4.17, 18. Togbɔ be wonya Mawu hã la, wometsɔa bubu si dze nɛ, alo daa akpe nɛ abe ale si wòle be woada akpe nɛ la ene o. Le esia teƒe la, nu maɖeviwo ŋu ko wobuna. Susu megale wo si o, ale woƒe tame do viviti. 22Woawo ŋutɔ be yewole nu nyam, ke wova zu movitɔwo. 23Eye #Mos V, 4.16-18; Nya 11.15; 12.24; 13.10-19. woɖɔ li Mawu makumaku ƒe ŋutikɔkɔea kple nutata siwo ɖi amegbetɔ si nye nu kuku, alo xewo, alo lãfɔnewo, alo lã siwo tana ƒe nɔnɔme.
24Ale Mawu ɖe asi le wo ŋu be woawɔ nu si dzro woƒe dzi, eye woatsɔ woƒe ŋutilã awɔ ŋunyɔnu kple ŋukpenanu kple wo nɔewo. 25Woawoe nye ame siwo trɔ Mawu ƒe nyateƒe la wɔ aʋatsoe. Wosubɔ nu siwo Mawu wɔ la hede ta agu na wo, ɖe nuawo Wɔla, si dze na kafukafu yi ɖase mavɔ me la, ŋutɔ teƒe. Amen.
26Le esia ta la, Mawu ɖe asi le wo ŋuti, eye fieŋufieŋu ɖua wo dzi ale be wowɔa ŋukpenanuwo. Woƒe nyɔnuwo dɔna kple nyɔnuwo, evɔ la, menye nenemae dzɔdzɔme ɖoe da ɖi o. 27Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã medɔna kple nyɔnu, abe ale si dzɔdzɔme ɖoe da ɖi la ene o, ke boŋ wofiena gudaguda le woƒe ŋutilã me ɖe wo tɔ ŋutsuwo ŋu, ale be ŋutsu dɔna kple ŋutsu ŋukpe manɔmee. Le nu gbegblẽ si wowɔ ta la, Mawu he to na wo, abe ale si dze wo la ene, eye wokpɔ esia le wo ɖokui me.
28Esi medze wo ŋu be woaxɔ nunya vavãtɔ si tso Mawu ŋu ɖe wo ɖokui me o ta la, Mawu hã gblẽ wo ɖe woawo ŋutɔ ƒe susu masɔmasɔ me, be woawɔ nu siwo mesɔ kura o la. 29Woyɔ taŋ kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo tsyo ƒomevi: vɔɖivɔ̃ɖi, ŋukeklẽ kple vɔ̃ediname. Bubu siwo gaxɔ aƒe ɖe wo mee nye: ŋubiabiã, amewuwu, avuwɔwɔ, amebeble, susu vɔ̃ɖiwo ŋu bubu kple ameŋunyagbɔgblɔ. 30Wonye ameŋugblẽlawo, ame siwo lé Mawu ɖe fu me, amedzulawo, dàdalawo, adegbeƒolawo, ame siwo toa nuvɔ̃ɖi wɔwɔ vɛ, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o, 31movitɔwo, ame siwo dzi menyaxɔna sena o, ame siwo mekpɔa nublanui na ame o kple ame siwo sẽa ŋuta. 32Togbɔ be wonya nyuie be le Mawu ƒe se nu la, ame siwo wɔa nu siawo dze na ku hã la, wowɔa wo, eye gawu la, wodea ame bubu siwo hã wɔa nu siawo la dzi.
Currently Selected:
Romatɔwo 1: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.