YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo 16

16
Paulo do gbe ɖo ɖe ame vovovowo le Roma
1Medi be matɔ asi mía nɔvinyɔnu Foebe, ame si nye subɔla vevi aɖe le Kenxrea-hame la me dzi na mi. 2Mixɔe, esi wònye Aƒetɔ la tɔ ta, abe ale si wòdze be miaxɔ ame siwo ŋu wokɔ la ene. Kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si wòhiã tso mia gbɔ la, minae, elabe eya hã kpena ɖe ame geɖe ŋuti; nye ŋutɔ hã mele eme.
3 # Dɔw 18.2. Medo gbe na Priskila kple Akwila, ame siwo kpe ɖe ŋunye míewɔ dɔ hesubɔ Kristo Yesu ɖekae, esi míele hadede me kpakplii ta. 4Wotsɔ woƒe agbe ɖo anyi ɖe tanye. Akpe na wo kakaka! Menye nye koe le akpea dam na wo o, ke hame siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome la hãe. 5Medo gbe na hame si le wo ƒeme la hã. Medo gbe na Epaineto, nye lɔlɔ̃tɔ si trɔ dzime va zu Kristo tɔ le Asia la. 6Medo gbe na Maria, ame si wɔ dɔ kple vevidodo le mia dome la. 7Medo gbe na nye ƒometɔwo, Androniko kple Yunio, ame siwo nɔ gaxɔ me kplim la hã. Wonye ame ŋkutawo le amedɔdɔawo dome, eye wozu Kristotɔwo do ŋgɔ nam. 8Medo gbe na Ampliatus, nye lɔlɔ̃tɔ, si le hadede me kple Aƒetɔa la. 9Medo gbe na Urbano, ame si hã le dɔ wɔm na Kristo kplim kple nye lɔlɔ̃tɔ Staxis. 10Medo gbe na Apeles, ame si li ke le hadede kple Kristo me. Medo gbe na Aristobolo ƒometɔwo hã nyuie. 11Medo gbe na nye ƒometɔ Herodion kple Narkiso ƒemetɔ, siwo le hadede me kple Kristo la. 12Medo gbe na Trifaena kple Trifosa, ame siwo le Aƒetɔ la ƒe dɔ wɔm. Medo gbe na Persis lɔlɔ̃a, ame si le agbagba dzem eye wòle dɔ wɔm na Aƒetɔ la. 13#Mar 15.21. Medo gbe na Rufo, ame tiatia si le hadede me kple Aƒetɔ la kple dadaa, ame si nye nye hã danye. 14Medo gbe na Asinkrito, Flego, Herme, Patroba, Herma kple nɔvi siwo le wo gbɔ la. 15Medo gbe na Filologo kple Yulia, Nerea kple nɔvia nyɔnu kple Olimpa kpakple hametɔ bubu, siwo katã le wo gbɔ la. 16Mido gbe na mia nɔewo eye ame sia ame nana asi nɔvia lɔlɔ̃tɔe. Kristo ƒe hameawo katã do gbe na mi nyuie.
Paulo xlɔ̃ nu xɔsetɔ siwo le Roma
17Nɔviwo, mele nu xlɔ̃m mi be miade dzesi ame siwo hea memama dea amewo dome kple nuɖiaɖia vanɛ, eye wotsia tre ɖe nu si wofia mi la ŋu la. Midze na wo. 18Elabe menye Aƒetɔ Yesu Kristo subɔm ame siawo le o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe ƒodoe. Wotsɔa nya viviwo nɔa amewo kafum, eye woblea ame siwo mele vɔ̃ aɖeke susum o la. 19Ke miawo ya la, ame sia ame nya ale si miele to ɖom Nyanyui lae, eya ta mekpɔa dzidzɔ le mia ŋuti. Nu si dim mele na mie nye be miadze nunya le nu nyui wɔwɔ me, ke le nuvɔ̃ɖi wɔwɔ gome ya la, mianye ame dzadzɛwo. 20Eteƒe madidi o, Mawu si naa ŋutifafa la, agbã Satana gúdugudu ɖe miaƒe afɔ te.
Mía Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu.
21 # Dɔw 16.1. Timoteo, ame si le dɔ ɖeka wɔm kplim, Lukio, Yason kple Sesipatro, ame siwo nye nye ƒometɔwo la, hã do gbe na mi nyuie.
22Nye, Tertio, mia nɔvi si le hadede me kple Aƒetɔa la, hã medo gbe na mi. Nyee ŋlɔ agbalẽ sia.
23 # Dɔw 19.29; Kor I, 1.14; Tim II, 4.20. Gayo, ame si gbɔ míedze, eye wònye mía kple hamea katã ƒe aƒetɔ la do gbe na mi. Erasto, dua ƒe gadzikpɔla kple mía nɔviŋutsu Kuarto do gbe na mi nyuie. 24#16.24: Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo tsɔ kpukpui sia kpe ɖe eŋu be: “Mía Aƒetɔ Yesu Kristo neve mi katã mia nu. Amen.” Bubuwo ya dae ɖe kpukpui bla eve vɔ adrẽlia ƒe nuwuwu.
Paulo kafu Mawu
25Mina míakafu Mawu! Ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse le ale si wòna meɖe gbeƒã Nyanyui la tso Yesu Kristo ŋu kple ale si wòɖe nyateƒenya ɣaɣla si wòɣla ɖi tso keke gbe aɖe gbe ʋĩi ke fia la ta. 26Ke azɔ la, Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nuŋlɔɖiwo va na míenya wo, eye abe ale si Mawu mavɔtɔ la ɖoe ene la, ena dukɔwo katã nyae, ale be amewo katã naxɔ edzi ase ahaɖo toe.
27Mina míakafu Mawu nunyala ɖeka hɔ̃ sia, to Yesu Kristo dzi, tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen.

Currently Selected:

Romatɔwo 16: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in