YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo 12

12
Agbe si wòdze be míanɔ ale be míate ŋu asubɔ Mawu
1Eya ta, nɔvinyewo, esi Mawu le nublanui kpɔm na mí nukutɔe ta la, mele kuku ɖem na mi vevie, be miatsɔ mia ɖokui ana Mawu, abe vɔsalã gbagbe, si ŋuti kɔ keŋkeŋ, eye wòdze Mawu ŋu la ene. Esiae nye ale si miasubɔ Mawu nyateƒetɔe le mia ɖokui me. 2Miganɔ agbe abe ale si xexe sia me tɔwo nɔnɛ la ene o. Ke boŋ mina Mawu natrɔ miaƒe susuwo be woazu yeye, ale be miaƒe nɔnɔme natrɔ keŋkeŋ. To esia me la, miate ŋu adze si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple nu si nyo, eye wòdzea eŋu hede blibo la.
3Le ale si wove nunye nui la, mele egblɔm na mi katã be mia dome ame aɖeke negabu eɖokui gãe wu ale si dze la o. Le esia teƒe la, mibu nu siwo fia ɖokuibɔbɔ la ŋu, eye ame sia ame natso nya me na eɖokui le xɔse si Mawu nae la nu. 4#Kor I, 12.12. Ŋutinuwo sɔ gbɔ le míaƒe ameti sia ŋu, evɔ la, wo katã mewɔa dɔ ɖeka ma ke le eŋu o. 5Nenema ke togbɔ be míenye ame vovovowo hã la, ameti ɖeka ko míenye hele hadede me kple Kristo, eye mía dome ame sia ame le abe ŋutinu aɖe ene, le ameti ɖeka la ŋu. 6#Kor I, 12.4-11. Nunana vovovo siwo Mawu ve mía nu na mí la, to vovo, eya ta mina míawɔ wo ŋudɔ. Ne Mawu na ŋutete mí be míaɖe gbeƒã eƒe gbedeasi la, mina míaɖe gbeƒãe le xɔse, si le mía si la nu. 7Ne Mawu na ŋutete mí be míasubɔ amewo la, ele be míasubɔ wo ale si dze. Nenye nufiafiae la, ele be míafiae. 8Nenye dzidede ƒo na amee la, ele be míawɔ eya hã. Ame si naa nu ame la, nekɔ dɔme nae faa. Ame si le ame nu la, newɔ eƒe wɔƒe kple vevidodo. Nenema ke ame si kpɔa nublanui na ame hã, nekpɔe kple mokɔkɔ.
9Milɔ̃ mia nɔewo nyateƒetɔe. Mitsri nuvɔ̃, eye milé nu si nyo la me ɖe asi. 10Milɔ̃ mia nɔewo, abe ale si dadaviwo lɔ̃a wo nɔewo ene. Ame sia ame nedi vevie be yeatsɔ bubu na ye nɔvi gbã. 11Mitsɔ dzo ɖe dɔ ŋu wɔ; migawɔ kuvia o. Misubɔ Aƒetɔ la kple dzo le miaƒe dzime. 12Esi miele mɔ kpɔm na nane ta la, dzi nedzɔ mi. Ne miele fu kpem la, mido dzi. Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa. 13Mikpe ɖe hametɔ siwo hiã tu la ŋu, eye milé fɔ ɖe amedzroxɔxɔ ŋu.
14 # Mat 5.44; Luk 6.28. Mibia Mawu be wòayra ame siwo tia mia yome. Neyra wo; megaƒo fi de wo o. 15#Sir 7.34.Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm, eye mifa avi kple ame siwo le avi fam. 16#Lod 3.7. Gbe nedze gbe dzi na mi. Migada o, ke boŋ mide ha kple ame siwo amewo mebuna ɖe naneke me o la. Migatsɔ mia ɖokui be yewonya nu ŋutɔ o.
17Ne ame aɖe wɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò la, mègaɖo eteƒe nɛ o. Mibu tame le nu si nyo hedze bubu le amewo katã ŋkume la ŋu, ne miawɔ eya ko. 18Ne anyawɔ, eye wòaku ɖe miawo boŋ ŋu la, ekema minɔ kple amewo katã le tomefafa me. 19#Mos V, 32.35. Nɔvinyewo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokui gbeɖe o; ke boŋ mina Mawu ŋutɔ nabiae. Elabe woŋlɔ ɖe mawunya me be Aƒetɔ la gblɔ be: “Nyee abia hlɔ̃a; nyee le eteƒe ɖo ge.” 20#Lod 25.21, 22. Le esia teƒe la, mawunya gblɔ be: “Eya ta ne dɔ le wò futɔ wum la, na nui wòaɖu, ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano, elabe ne èwɔ esia la, àna ŋu nakpee ŋutɔŋutɔ.” 21Mègana nuvɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tsɔ nu nyui la ɖu nuvɔ̃ɖi la dzi boŋ.

Currently Selected:

Romatɔwo 12: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in