Le esia ta la, Mawu ɖe asi le wo ŋuti, eye fieŋufieŋu ɖua wo dzi ale be wowɔa ŋukpenanuwo. Woƒe nyɔnuwo dɔna kple nyɔnuwo, evɔ la, menye nenemae dzɔdzɔme ɖoe da ɖi o. Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã medɔna kple nyɔnu, abe ale si dzɔdzɔme ɖoe da ɖi la ene o, ke boŋ wofiena gudaguda le woƒe ŋutilã me ɖe wo tɔ ŋutsuwo ŋu, ale be ŋutsu dɔna kple ŋutsu ŋukpe manɔmee. Le nu gbegblẽ si wowɔ ta la, Mawu he to na wo, abe ale si dze wo la ene, eye wokpɔ esia le wo ɖokui me.
Esi medze wo ŋu be woaxɔ nunya vavãtɔ si tso Mawu ŋu ɖe wo ɖokui me o ta la, Mawu hã gblẽ wo ɖe woawo ŋutɔ ƒe susu masɔmasɔ me, be woawɔ nu siwo mesɔ kura o la.