Salomo ƒe Lododowo 7
7
1Vinye, lé nye nyawo me ɖe asi,
eye nàdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò.
2Lé nye sededewo me ɖe asi,
ne nànɔ agbe.
Lé be na nye nufiame
abe wò gadaglamakui ene.
3Bla wo ɖe wò asibidɛwo ŋu;
ŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi.
4Gblɔ na nunya be: “Wòe nye nɔvinye nyɔnu,”
eye nàyɔ gɔmesese be xɔlɔ̃ vevi,
5bene woaɖe wò tso nyɔnu dzeha,
gbolo, si ɖea ami ɖe eƒe nyawo la si me.
Nyɔnu gbegblẽ la
6Menɔ nye xɔ ƒe fesre nu,
le nu kpɔm to adzrala me.
7Mekpɔ movitɔ aɖewo.
Tete nye ŋku kli ɖekakpui susumanɔsitɔ aɖe
le wo dome.
8Ezɔ to mɔ si le nyɔnu aɖe ƒe dzogoe dzi yina,
eye wòzɔ ɖo ta eƒe aƒe gbɔ.
9Fiẽ me ye,
anyigba le tsyɔtsyɔm,
eye zã kple blukɔ do vɔ.
10Kasia nyɔnu aɖe si do awu
abe gbolo ene la va do goe.
Aye le susu me nɛ.
11Enye ɣlidola kple ame gbegblẽ,
eye eƒe afɔ metɔna ɖe aƒeme o.
12Kasia, ele mɔ to;
kasia, ele asi me;
sẽe ko, ede xa ɖe dzogoe dzi.
13Elé ɖekakpuia, gbugbɔ nu nɛ,
eye wòɖo ŋkume kplalaa, gblɔ nɛ be:
14“Ele nam be masa vɔ,
eye egbea mexe nye adzɔgbeɖefe.
15Eya ta medo va
be mado go wò.
Wò ko dim mele vevie;
azɔ meke ɖe ŋuwò.
16Kpɔ ɖa, meɖo kuntru kple abadzivɔ ŋɔŋɔe,
si wotsɔ Egipte-ka lɔ̃e la
ɖe nye aba dzi.
17Mewu ami ʋeʋẽe si wotsɔ kotoklobo,
dzogbebable kple amiti wɔe la ɖe edzi.
18Eya ta va míyi.
Míano lɔlɔ̃ amu va se ɖe ŋdi;
na míawɔ lɔlɔ̃ wòaɖi kɔ na mí.
19Elabe srɔ̃nye mele aƒe o;
eyi mɔdzi.
20Eyi kple gakotoku;
ɣleti asɔ tegblẽe hafi wòagbɔ va aƒe.”
21Etsɔ eƒe nya ŋanɛwo ble ɖekakpuia nu,
eye wòtsɔ amenublenya viviwo lée.
22Ekplɔ nyɔnua ɖo enumake,
abe nyitsu si woyina wuwu ge ene;
abe sẽ si zɔ yina mɔ̀ me,
23va se ɖe esi aŋutrɔ nadrò eƒe dɔka ene.
Ele abe xevi si lũ ɖe mɔ̀ dzi,
eye menya
be yeƒe agbe ƒe seƒee nye ema o ene.
24Vinyewo, azɔ la, miɖo tom;
milé to ɖe nye numenyawo ŋu.
25Migana miaƒe dzi natrɔ
ɖe nyɔnu sia tɔgbe ŋu o;
migatra yi eƒe toƒewo o.
26Elabe ame siwo wòƒo ƒu anyi la
sɔ gbɔ;
ame gbogbo aɖe wòtsrɔ̃.
27Tsiẽƒe ƒe mɔ to eƒeme;
ekplɔa ame gena ɖe ku ƒe xɔdɔmewo me.
Currently Selected:
Salomo ƒe Lododowo 7: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.