Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 6

6
Nyagbename bubuwo
1 # Sir 29.14-20. Vinye, ne ède megbe na hawòvi,
ne èlé fe nu na amedzro aɖe,
2ne wò nu de wò mɔ̀ me,
eye wò numenya lé wò bla la,
3ekema ège ɖe hawòvi si me.
Vinye, nu si nàwɔ aɖe ɖokuiwò lae nye esi:
Yi egbɔ, bɔbɔ ɖokuiwò,
eye nàƒo koko nɛ vevie.
4Tsi zãdomadɔlɔ̃e;
mègadɔ akɔlɔ̃e teti hã o.
5Ɖe ɖokuiwò abe ale si sãde ɖea eɖokui
tso adela si mee,
abe ale si xevi ɖea eɖokui
tso mɔ̀trela si mee ene.
6Wò kuviatɔ, yi anyidi gbɔ;
kpɔ eƒe nuwɔna ɖa,
ne nàdze nunya!
7Kplɔla, dzikpɔla alo dziɖula
aɖeke mele esi o.
8Ke edzraa eƒe nuɖuɖu ɖo le dzomeŋɔli,
eye wòƒoa ƒu eƒe nunyiame ɖi le nuŋeɣi.
9Kuviatɔ, ɣe ka ɣi nànɔ aba dzi va se ɖo?
Ɣe ka ɣi nànyɔ tso alɔ̃ me?
10 # Lod 24.33, 34. Ne èbe: “Madɔ alɔ̃ vie,
madɔ akɔlɔ̃e vie,
made asi ata me,
madzudzɔ vie” la,
11ahedada aɖi ɖe wò
abe fiafi ene,
eye koɖoɖo ado ɖe dziwò
abe adzoblasu ene.
12Ame ɖigbɔ, ame vɔ̃ɖi,
eyae tsana nɔa alakpa dam.
13 # Sir 27.22. Emiaa ŋku ɖe ame,
nɔa afɔ titim ɖe anyigba,
eye wòtsɔa asi wɔa dzesii.
14Enye ayeme,
eɖoa vɔ̃ ɖe tame ɣe sia ɣi,
eye wòdea dzre ame dome.
15Eya ta dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe eyama dzi kpata,
agbã enumake,
eye mate ŋu ahaya o.
16Nu adee Aƒetɔ lé fui;
ẽ, adrẽ nye ŋunyɔnu nɛ:
17dàdaŋku
alakpaɖe
asi si kɔa ʋu maɖifɔ ɖi
18dzi si wɔa ɖoɖo vɔ̃wo,
afɔ si ɖea abla ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu,
19aʋatsoɖasefo si daa alakpa
kple ame si dea dzre nɔviwo dome.
Nyagbename le ahasiwɔwɔ ŋuti
20Vinye, lé tɔ́wò ƒe sedede me ɖe asi,
eye mègaɖe asi le nɔwò ƒe nufiame ŋu o.
21Bla wo ɖe wò dzi ŋu ɣe sia ɣi,
eye nàsa wo ɖe kɔ.
22Ne èle azɔli dzi la, woakplɔ wò;
ne èmlɔ anyi la, woadzɔ ŋuwò,
eye ne ènyɔ la, woaɖo dze kpli wò.
23Elabe sea nye akaɖi, eye nufiamea nye kekeli,
eye mokaname si naa hehe la, nye agbemɔ,
24bene woaɖe wò tso nyɔnuvɔ̃ɖi la si me,
tso nyɔnu ahasitɔ ƒe amenubeble me.
25Mègana eƒe tugbedzedze nadzro wò o.
Eƒe aɖaba negaɖe aboyo wò o.
26Elabe gbolo la, abolo kakɛ ƒe asi ko wòxɔna;
ke nyɔnu srɔ̃tɔ ya la,
ŋutsu ƒe agbe xɔasi kekeake minyam wòle.
27Ɖe ame aɖe dzo ɖe akɔ nu,
eye mafiã eƒe awu oa?
28Alo ɖe ame azɔ dzoka dzi,
eye eƒe afɔ mafiã oa?
29Alea pɛ wòle na ŋutsu
si di ehavi srɔ̃;
ame sia ame si de asi ame srɔ̃ ŋu la,
womagbe tohehe nɛ o.
30Ne dɔ wu fiafitɔ, wòfi nu ɖu la,
ɖe amewo medoa vloe oa?
31Ne wolée la,
aɖo eteƒe zigbɔzi adrẽ,
eye wòatsɔ eƒe aƒemenuwo katã ana.
32Gake ŋutsu si wɔ ahasi kple nyɔnu la,
susu mele esi o.
Ŋutsu si wɔe tsrɔ̃ eɖokui.
33Abi kple vlododo ko wòakpɔ,
eye eƒe ŋukpe nu matsi o.
34Elabe ŋuʋaʋã nana be ŋutsu doa dɔmedzoe vevie,
eye mekpɔa nublanui ne ele hlɔ̃ biam o.
35Ayifaɖe aɖeke madze eŋu o,
eye malɔ̃ be nunana gbogbowo hã nafa akɔ na ye o.

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 6: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in