Salomo ƒe Lododowo 8
8
Nunyakafukafu
1 #
Lod 1.20, 21. Ɖe nunya mele ɣli dom oa?
Ɖe nugɔmesese ƒe gbe mele ɖiɖim oa?
2Ele tsitre ɖe togbɛwo dzi le mɔ to;
ele mɔ dogoewo nu.
3Ele ɣli dom le agboawo xa,
le dua ƒe mɔnu kple ʋɔtruawo nu.
Ebe:
4“Amegbetɔwoee, miawo yɔm mele.
Amegbetɔ viwoee, miawo mekɔ gbe dzi na.
5Mi bometsilawo, midze nunya.
Mi movitɔwo, mise nu gɔme.
6Mise ɖa, elabe nya veviwoe magblɔ.
Nu si le eteƒe tututu la,
eyae make nu agblɔ.
7Make nu agblɔ nyateƒe la;
nye nu tsri nya vɔ̃ɖi gbɔgblɔ.
8Nye numenyawo katã le dzɔdzɔe;
beble kple alakpa mele wo me o.
9Wo katã me kɔ na nugɔmesela,
eye wosɔe na ame si ke ɖe sidzedze ŋu.
10Mixɔ nye nufiame ɖe klosalo teƒe,
eye mixɔ sidzedze ɖe sika nyuitɔ teƒe.
11 #
Sir 24.1-22. Elabe nunya nyo wu dzonu nyuitɔ,
eye naneke meli nàdi wòade enu o.
12Nye nunya, mele anyi le aɖaŋu me,
eye asinye mee sidzedze
kple nyametsotso nyuitɔ le.
13Aƒetɔ -vɔvɔ̃e nye fuléle vɔ̃.
Melé fu dàda, ɖokuidodoɖedzi,
mɔ vɔ̃ dzi toto kple alakpanyagbɔgblɔ.
14Aɖaŋuɖoɖo kple nunya
vavãtɔ le asinye.
Nugɔmesese le asinye.
Ŋusẽ le asinye.
15Dzinyee fiawo tona ɖua fia;
dzinyee dziɖulawo tona dea se dzɔdzɔe.
16Dzinyee amegãwo tona ɖua dzi,
eye bubumewo ɖua anyigba dzi.
17Melɔ̃a ame siwo lɔ̃am,
eye ame siwo diam vevie la, kpɔam.
18Kesinɔnu kple bubu le asinye;
nunɔamesi kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ siwo megblẽna o la, le gbɔnye.
19Nye kutsetse nyo wu sika.
Ẽ, enyo wu sika nyuitɔ gɔ̃.
Nye viɖe xɔ asi wu
klosalo nyuitɔ.
20Nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe mɔ dzi mezɔna,
eye nya dzɔdzɔe ƒe toƒe metona,
21bene mama kesinɔnu na ame siwo lɔ̃am,
eye made nu woƒe nudzraɖoƒe, wòayɔ.
22 #
Sir 1.4, 9; Nyaɖ 3.14. Aƒetɔ wɔm esime wòdze eƒe dɔ gɔme;
nyee nye eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ tso blema ke.
23Eɖom anyi tso tititi ke,
nyee wòɖo gbã hafi anyigba nava dzɔ.
24Wodzim hafi tɔ goglowo nava do;
medo ŋgɔ na tsidzɔƒe
siwo me tsi ɖɔ ɖo taŋ la.
25Hafi wova ɖo towo ƒe agunuwo anyi,
hafi togbɛwo nadzɔ la, wodzim xoxo.
26Wodzim hafi wòwɔ anyigba,
gbegbewo kple anyikɔ gbãtɔwo gɔ̃.
27 #
Nya 9.9; Sir 24.3-6. Mele eteƒe hafi Aƒetɔ wɔ dziƒo
esime wòte dziŋgɔli ƒe fli nogo
ɖe gogloƒeawo dzi.
28Ɣe ma ɣie wòna alilikpowo bla ɖe dzi goŋgoŋ,
eye wòɖo gogloƒeawo ƒe tsidziƒewo anyi.
29Meli esime wòɖo seɖoƒe na atsiaƒu
bene magada yeƒe sedede dzi o,
eye wòɖo anyigba ƒe zɔ anyi.
30Menye dɔnunɔla le exa,
eye medoa dzidzɔ nɛ gbe sia gbe.
Mekpɔa dzidzɔ le eŋkume ɣe sia ɣi.
31Mekpɔa dzidzɔ le eƒe xexeme si amewo le la ŋu,
eye dzi dzɔam be mele amegbetɔviwo dome.
32 #
Sir 14.20-27. Azɔ la, vinyewo, miɖo tom.
Dzi dzɔa ame siwo toa nye afɔtoƒe.
33Miɖo to nye nufiame,
ne miadze nunya.
Migagbee o.
34Dzi dzɔa ame si ɖoa tom,
eye wòle ŋudzɔ le nye agbowo nu
tso ŋkeke yi ŋkeke
le lalam le nye ʋɔtruwo nu.
35Elabe ame si ƒe asi tum la
ƒe asi tu agbe;
Aƒetɔ vea eyama nu.
36Ke ame si dam ƒu la,
wɔa nu vevi eɖokui.
Ame siwo katã lé fum la,
ku lɔ̃m wole.”
Currently Selected:
Salomo ƒe Lododowo 8: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.