Salomo ƒe Lododowo 19
19
1Ame dahe wɔnuteƒe nyo wu
alakpatɔ tsibome.
2Sidzedze manɔamesi menyo o,
eye ame si le zɔzɔm kple dzitsitsi la, traa mɔ.
3Ne ame ƒe bometsitsie gblẽ nu le eŋu la,
edoa dziku ɖe Aƒetɔ ŋu.
4Kesinɔnu hea xɔlɔ̃ yeye geɖe ɖe ame ŋu;
ke ha kana le ame dahe ŋu.
5Womagbe tohehe na aʋatsoɖasefo o,
eye aʋatsokala masí o.
6Ame geɖewo wɔa ameŋkumenu
be yewoadze dɔmenyotɔ ŋu,
eye ame sia ame dzea xɔlɔ̃
ame si naa nu ame la.
7Ame dahe nɔviwo léa fui;
ɖe exɔlɔ̃wo agbe megbedede sãa le eŋua?
Ne ele wo yɔm hã la,
womevana o.
8Ame dzenunya lɔ̃a eɖokui;
ame si dzra gɔmesese ɖo la,
nu adze edzi nɛ.
9Womagbe tohehe na aʋatsoɖasefo o,
eye aʋatsokala atsrɔ̃.
10Mele eteƒe be bometsila naɖu
agbe vivi,
kaka wòava zu be kluvi naɖu aƒetɔ
ɖe dumegãwo dzi o.
11Ame si nya nu la, gbɔa dzi blewuu,
eye bubu wònye nɛ be wòaɖe kɔ ɖa
ne wowɔ nu gbegblẽ ɖe eŋu.
12Fia ƒe dɔmedzoedodo
ɖe wòle abe dzata ƒe gbeɖeɖe ene;
ke eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ
le abe zãmu dzaɖegbedzi ene.
13Vi dzɔlã nye dzɔgbevɔ̃e na tɔ́a,
eye srɔ̃nyɔnu dzrewɔla le abe tsidzadza
si mele kekem o la ene.
14Aƒe kple kesinɔnu nye domenyinuwo
tso vi tɔ́wo gbɔ;
ke srɔ̃nyɔnu nyanu ya, Aƒetɔ gbɔ wòtsona.
15Kuviawɔwɔ ɖe wònana be wodɔa alɔ̃ tsu,
eye kuviatɔ la, dɔe wunɛ.
16Ame si wɔa sedede dzi la,
nɔa agbe;
ame si metsɔ ɖeke le eƒe agbenɔnɔ me o la,
aku.
17Ame si wɔ dɔmenyo na ame dahe la,
do nu na Aƒetɔ;
aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ.
18He viwò esime mɔkpɔkpɔ gali;
ke mègawɔ susu be yeawui o.
19Ame si dzi kuna ŋɔdzitɔe la,
akpɔ eŋu tohehe,
elabe ne èxɔ nɛ la,
ɖeko wòagado dziku.
20Ne woɖo aɖaŋu na wò la, xɔe.
Xɔ nufiame si wona wò la
be nadze nunya hena etsɔ si gbɔna la.
21Amegbetɔ wɔa tameɖoɖo geɖe;
ke Aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu koe ava eme.
22Nuteƒewɔwɔ nye amegbetɔ ƒe atsyɔ̃;
ame dahe nyo wu aʋatsokala.
23Aƒetɔ -vɔvɔ̃ naa agbe.
Ame si wòɖi ƒo na la,
nɔa anyi le dziɖeɖi me;
vɔ̃ aɖeke mawɔe o.
24Ne kuviatɔ de asi nuɖugba me la,
maɖee ade nu me gɔ̃ hã o.
25Ƒo fewuɖula,
bometsila adze aɖaŋu;
ka mo na nugɔmesela,
adze si nu.
26Vi si sẽ ŋuta le tɔ́a ŋu,
eye wònyà nɔa la,
vlodoamela kple ŋukpenanuwɔla wònye.
27Vinye, ne èdzudzɔ toɖoɖo nufiame la,
atra tso sidzedze si fiam wole wò la gbɔ.
28Ɖasefo yakame ɖea alɔ me le nya dzɔdzɔe ŋu;
ame vɔ̃ɖi lɔ̃a nya madzɔmadzɔ gbɔgblɔ.
29Tohehe li na fewuɖulawo;
ƒoƒo li na bometsilawo ƒe dzime.
Currently Selected:
Salomo ƒe Lododowo 19: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.