Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 18

18
1Ame si ɖe eɖokui ɖe aga la,
nu si dzroa eya ŋutɔ ko yome wòtina,
eye wòtsia tre ɖe nuxɔxlɔ̃ nyui ɖe sia ɖe ŋu.
2Nugɔmesese medzɔa dzi na lãtɔ o,
etɔ gbɔgblɔ koe doa dzidzɔ nɛ.
3Ne nuvɔ̃ɖi wɔwɔ va la,
vlododo hã kplɔnɛ ɖo,
eye alɔmeɖeɖe kple ŋukpe kpena ɖe wo ŋu.
4Amegbetɔ ƒe numenya la,
tɔ goglo wònye;
nunya ƒe vudo si le dzidzim
bababa la hã wònye.
5Menyo be woade ame vɔ̃ɖi dzi
alo ate ame dzɔdzɔe ɖe anyi le ʋɔnu o.
6Bometsila ƒe numenya dea dzre aƒe,
eye eƒe nuƒo hea ameƒoƒo vɛ.
7Bometsila ƒe nue henɛ dea gbegblẽ me,
eye eƒe nu kee nye mɔ̀ si ɖenɛ.
8Sakplitɔ ƒe nyawo le abe nuɖuɖu vivi ene;
ɖe wodea lã me ke na ame.
9Alɔ gblɔdɔ wɔla la,
dɔgblẽla nɔvi wònye.
10Aƒetɔ ŋkɔ la, xɔ tsrala sesẽ wònye;
ame dzɔdzɔe sína yia eme,
eye wònɔna dedie.
11Kesinɔtɔ ƒe nunɔamesie nye eƒe du sesẽ;
ele abe glikpɔ kɔkɔ si le eŋu dzɔm la ene.
12Hafi ame nadze anyi la,
dàdae yɔa eme gbã;
ke ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.
13 # Sir 11.8. Ne ame mekpɔ se nya vɔ, hafi ɖo eŋu o la,
ezua bometsitsi kple ŋukpe nɛ.
14Dzidodoe nana be ame nɔa te
ɖe dɔléle nu;
ke ne dzi ɖe le ame ƒo la,
ame kae ate ŋu atsɔe?
15Nunya sua ame senugɔme si,
eye ame nyanu dia sidzedze.
16Ame ƒe nunanae taa mɔ nɛ,
eye wòkplɔnɛ yia ame ŋkutawo gbɔ.
17Nuƒola gbãtɔ dzena ame dzɔdzɔe le ʋɔnu;
va se ɖe esime nuƒola evelia va ɖea ké le egɔme.
18Nudzidze nana be dzre kena,
eye wòléa avu le hoʋlila sesẽwo dome.
19Nɔvi si ŋu woda vo ɖo la
tri akɔ wu du sesẽ,
eye dzre sia wɔwɔ sesẽ
abe fiasã ƒe gameti ene.
20Ame sia ame kpɔa eƒe nuɖuɖu,
eye eƒe nuƒometsonue ɖia ƒo nɛ.
21Ku kple agbe le aɖe si me;
ame si nya nuƒoƒo la aɖu emetsonu.
22 # Sir 26.1-4. Ame si kpɔ nyɔnu ɖe la,
kpɔ nu nyui;
enye amenuveve tso Aƒetɔ gbɔ nɛ.
23Ame dahe ɖea kuku;
ke kesinɔtɔ ya ɖoa nya ŋu kple adã.
24Xɔlɔ̃ geɖe dzedze la, ku le eme;
ke xɔlɔ̃ aɖewo ya wɔa nuteƒe wu nɔvi gɔ̃ hã.

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 18: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in