Salomo ƒe Lododowo 20
20
1Wain la, fewuɖula ye,
aha sesẽ la, dzrehela ye;
ame si ke wokplɔ trae la,
medze nunya o.
2Ŋɔdzi si le fia ƒe dɔmedzoe ŋu la
le abe dzata ƒe gbetete ene;
ame si do dziku nɛ la,
bua eƒe agbe.
3Ame si ƒoa asa na dzre la,
dea bubu eɖokui ŋu,
ke bometsila ɖe sia ɖe anɔ dzre wɔm.
4Kuviatɔ medea agble le agbledeɣi o;
le nuŋeɣi la, mekpɔa naneke ŋena o.
5Amegbetɔ ƒe tameɖoɖo le abe tɔ goglo ene;
ke nugɔmesela akui.
6Ame geɖewo gblɔna
be yewonye nuteƒewɔlawo;
ke anukwaretɔ la,
afi ka woakpɔe le?
7Ame dzɔdzɔe si nɔ agbe fɔɖiɖi manɔmee la,
yayra ava emegbeviwo dzi.
8Fia si bɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi la,
kpɔa nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo katã dzea sii.
9Ame ka ate ŋu gblɔ be:
“Mekɔ nye dzi ŋu; nuvɔ̃ mele ŋunye o”?
10Amebanudakpe, amebanudzidzenu,
wo kple eve la siaa
wonye ŋunyɔnu na Aƒetɔ.
11Ɖevi sue gɔ̃ hã ƒe nuwɔnawo ɖenɛ fiana
be eƒe agbenɔnɔ dza eye wòdzɔ.
12To senu kple ŋku kpɔnu la,
Aƒetɔ ye wɔ wo kple eve la siaa.
13Mègalɔ̃ alɔ̃dɔdɔ akpa o;
àva da ahe.
Nɔ ŋu nàwɔ dɔ,
ekema nuɖuɖu anɔ asiwò.
14Nuƒlela gblɔna be:
“Menyo o! Menyo o!”
Ke ne edzo la,
ekafua eɖokui.
15Sika kple kpe xɔasi geɖewo li ya,
ke nu, si ɖea sidzedze gblɔna lae
nye atsyɔ̃ɖonu xɔasi.
16Xɔ ame si de megbe na amedzro ƒe awu le esi
nàtsɔ ɖo awɔba ɖe ame tutɔ gbɔ.
17Abolo si woble ame, xɔ le esi la,
vivina na ameblela la;
ke emegbe la, kpekui ayɔ nu me nɛ.
18Wowɔa ɖoɖowo to adaŋudede me;
nunya nekplɔ wò le aʋawɔwɔ me.
19Sakplitɔ tsatsala ʋua go nya ɣaɣla,
eya ta mègade ha kple nu kpoloe ƒola o.
20Ne èƒo fi de tɔ́wo alo nɔwò la,
wò akaɖi atsi le blukɔ tsiɖitsiɖi me.
21Domenyinu si wotsi dzi xɔ le gɔmedzedzea la,
yayra manɔ eme le nuwuwu o.
22Mègagblɔ be: “Maɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe” o;
kpɔ Aƒetɔ sinu eye akpe ɖe ŋuwò.
23Amebanudakpewo nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ,
eye amebanudanu menyo o.
24Aƒetɔ ye fiaa afɔɖoƒe ame.
Ale ke ame ate ŋu ase eya ŋutɔ
ƒe mɔ gɔmee?
25Mɔ̀tetre wònye na ame ɖokui
be wòagblɔ tamemabutɔe be: “Eŋu kɔ!”
Hafi wòava bu tame
le adzɔgbe si wòɖe la ŋu emegbe.
26Fia nyanu kpɔa ame vɔ̃ɖiwo dzea sii,
eye wònana wozɔa wo dzi kple tasiaɖam.
27Amegbetɔ ƒe gbɔgbɔ nye Aƒetɔ ƒe akaɖi
si klẽna ɖe ememe ke.
28Nuteƒewɔwɔ kple anukwareɖiɖi kpɔa fia ta,
eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ léa eƒe fiazikpui ɖe te.
29Ɖekakpuiwo ƒe atsyɔ̃ nye woƒe ŋusẽ,
ke ame tsitsiwo ƒe bubu nye woƒe wɔƒoƒo.
30Ƒoƒo si de abi ame ŋu la
nyaa vɔ̃ ɖa;
nenemae nye ƒoƒo si de lã me ke
na ame la hã.
Currently Selected:
Salomo ƒe Lododowo 20: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.