Yosua 20
20
Sitsoƒeduwo tiatia
(Mos IV, 35.9-34)
1 #
Mos IV, 35.9-34; Mos V, 4.41-43; 19.1-13. Tete Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Gblɔ na Israelviwo be: 2‘Mitia sitsoƒedu siwo ŋu meƒo nu le na mi va yi to Mose dzi la. 3Du siawo mee amewula si meɖoe wu ame o la, ate ŋu así ayi, eye woanye sitsoƒe na mi tso ame si ɖo be yeabia hlɔ̃ la si me. 4Ne amewula la sí yina du siawo dometɔ aɖe me, eye wòɖo eƒe agbo nu la, ele be wòatɔ ɖe afi ma. Aɖe eɖokui nu na dumegãwo woase. Emegbe woaxɔe ɖe dua me, eye woana teƒee wòanɔ wo gbɔ. 5Nenye be hlɔ̃biala la ti eyome va afi ma la, dua me tɔwo megaɖe asi le eŋu nɛ o, elabe eya kple ame si wòwu la, womele ke me hafi wòwui o. 6Amewula sia anɔ dua me va se ɖe esime woakplɔe va ameha la ŋkume, eye woadrɔ̃ ʋɔnui. Gawu la, ele be wòanɔ anyi va se ɖe esime nunɔlagã si li hafi wòva la laku. Ekema ekpɔ mɔ azɔ ate ŋu agbugbɔ ayi du si me wòsí tso va la me, eye wòaganɔ eya ŋutɔ ƒe aƒeme.’ ”
7Ale, le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe gome la, wotɔ asi du siwo gbɔna la dzi: Kedes, le Galilea le Naftali-nyigba la dzi; Sixem, le Efrayim-tonyigba dzi kple Kiryat-Arba, si wogayɔna be Xebron le Yuda-tonyigba dzi. 8Le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome le Yerixo ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la, wotɔ asi du siwo gbɔna la dzi: Bezer, si le gbedadaƒo kple tonyigba gbadza dzi la le Ruben-to la me, Ramot, le Gilead le Gad-to la me kple Golan, le Basan le Manase-to la me. 9Du siawoe woɖo ɖi na Israelviwo katã kple amedzro siwo katã le wo dome la. Amewula si meɖo amewuwu hafi wu ame o la, ate ŋu así ayi du siawo dometɔ aɖe me, ale be hlɔ̃biala aɖeke nagawui o, va se ɖe esime wodrɔ̃ ʋɔnui le ameha la ŋkume.
Currently Selected:
Yosua 20: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.