Bible App logo
Search Icon

Yosua 21

21
Israelviwo tsɔ du aɖewo na Levitɔwo
1Azɔ Levi-to la ƒe amegãwo va nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israelviwo ƒe ƒomemetsitsiwo gbɔ 2#Mos IV, 35.1-8.le Silo le Kanaan-nyigba dzi. Wogblɔ na wo le afi ma be: “Aƒetɔ gblɔ na Mose be wòana duwo mí míanɔ wo me eye lãnyiƒewo nakpe ɖe wo ŋu na míaƒe lãhawo.” 3Ale Israelviwo wɔ nu si Aƒetɔ di be wonewɔ: wotsɔ woƒe du aɖewo kple wo ŋu nyigbawo na Levitɔwo.
4Ðe wodzidze nu hafi ƒome ɖe sia ɖe xɔ eƒe du. Kehat ƒome si tso nunɔla Aron ƒe dzidzimeviwo dome lae xɔ eƒe duwo gbã. Exɔ du wui ene tso Yuda, Simeon kple Benyamin towo me.
5Kehat ƒomea me tɔ mamlɛawo xɔ du ewo tso Efrayim kple Dan towo kpakple Manase-to afã ɣetoɖoƒetɔ me.
6Wodzidze nu eye wotsɔ du wui ene na Gerson viwo tso Isaxar, Aser kple Naftali towo kpakple Manase-to afã ɣedzeƒetɔ me le Basan-nyigba me.
7Wotsɔ du wui eve na Merari viwo le woƒe ƒomewo nu ɖe Ruben, Gad kple Zebulon towo me.
8Ale wɔ Israelviwo dzidze nu eye to ewɔwɔ me la, wotsɔ du siwo woyɔ va yi kple esiwo gbɔna la kple wo ŋu nyigbawo na Levitɔwo, abe ale si Aƒetɔ di tso wo si to Mose dzi ene.
9Wotsɔ du siwo gbɔna la tso Yuda kple Simeon toawo me na 10Kehat ƒome si tso Aron ƒe dzidzimeviwo dome, elabe woawo dzie nudzidze la dze gbã. Duawoe nye: 11Arba. Du sia nye Anak tɔ́ ƒe du. Woyɔnɛ fifia be Xebron. Ele Yuda-tonyigba dzi, eye wotsɔ lãnyiƒe si ƒo xlãe la hã kpe ɖe eŋuti. 12Ke wotsɔ agbledeƒe siwo le dua gbɔ kple dua ƒe kɔƒewo na Kaleb, Yefune vi, xoxo wozu etɔ.
13Hekpe ɖe Xebron si nye sitsoƒedu ŋu la, wotsɔ du siwo gbɔna la kple wo ŋu lãnyiƒewo na nunɔla Aron ƒe dzidzimeviwo: Libna, 14Yatir, Estemoa, 15Xolon, Debir, 16Ayin, Yuta kple Bet-Semes. Wole du asieke tso Yuda kple Simeon toawo me. 17Du siwo wona wo le Benyamin-to la me la woe nye: Gibeon, Geba, 18Anatot kple Almon. Wole du ene kple wo ŋu lãnyiƒewo. 19Du siwo katã wotsɔ na nunɔla Aron ƒe dzidzimeviwo la le du wui ene hekpe ɖe wo ŋu lãnyiƒewo ŋu.
20Le Kehat viwo ƒe ƒome mamlɛawo siwo hã nye Levitɔwo gome la, wotsɔ duwo na wo ɖe Efrayim-to me. 21Du siawoe nye Sixem, si nye sitsoƒedu le Efrayim- tonyigba dzi kple eŋu lãnyiƒewo. Gezer, 22Kibzayim, Bet-Xoron kple wo ŋu lãnyiƒewo. Wole du ene. 23Wotsɔ du ene kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo ɖe Dan-to me. Woawoe nye: Elteke, Gibeton, 24Ayalon kple Gat-Rimon. 25Du eve kple wo ŋu lãnyiƒe siwo wotsɔ na wo le Manase-to afã ɣetoɖoƒetɔ me la woe nye Tanax kple Gat-Rimon. 26Du kple wo ŋu lãnyiƒe siwo katã wotsɔ na Kehat viwo ƒe ƒome mamlɛa le ewo.
27Levitɔwo ƒe ƒome bubu aɖe hãe nye Gerson viwo. Wotsɔ du eve kple wo ŋu lãnyiƒewo na woawo hã le Manase-to afã ɣedzeƒetɔ me. Duawoe nye: Golan le Basan, si nye sitsoƒedu kple Beestera. 28Du ene kple wo ŋu lãnyiƒe siwo wotsɔ na wo ɖe Isaxar-to la me la woe nye: Kision, Daberat 29Yarmut kple En-Ganim. 30Wotsɔ du ene kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo ɖe Aser-to la me. Woawoe nye: Misal, Abdon, 31Xelkat kple Rexob. 32Du etɔ̃ kple wo ŋu lãnyiƒe siwo wotsɔ na wo le Naftali-to la me la woe nye: Kedes le Galilea, si nye sitsoƒedu, Xamot-Dor kple Kartan. 33Ale Gerson viwo ƒe ƒomeawo ƒe duwo hekpe ɖe wo ŋu lãnyiƒewo katã ŋu va le du wui ene.
34Levitɔ siwo ko gasusɔ la woe nye Merari viwo ƒe ƒomeawo. Wotsɔ du ene kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo le Zebulon-to la me. Woawoe nye: Yokneam, Karta, 35Dimna kple Nahalal. 36Wotsɔ du ene kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo le Ruben-to la me. Woawoe nye: Bezer, Yaza, 37Kedemot kple Mefaat. 38Du ene kple wo ŋu lãnyiƒe siwo wotsɔ na wo le Gad-to la me la woe nye: Ramot le Gilead si nye sitsoƒedu, Maxanaim, 39Xesbon kple Yazer. 40Ale du siwo katã Merari viwo, siwo nye Levitɔwo ƒe ƒome mamlɛawo xɔ la va le wui eve.
41Levitɔwo ƒe du siwo le Israelviwo ƒe anyigba dzi la le du bla ene vɔ enyi kple wo ŋu lãnyiƒewo. 42Lãnyiƒewo le du siawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu godoo va kpe. Nenema wònɔ na du siawo katã.
Aƒetɔ wɔ eƒe ŋugbedodo dzi na Israelviwo
43Ale Aƒetɔ tsɔ anyigba si wòka atam be yele tsɔtsɔ ge ana Israelviwo tɔgbuiwo la katã na Israel-dukɔ la. Esi woxɔ anyigba la le edzinɔlawo si vɔ keŋ la, wotso aƒewo ɖe edzi eye wonɔ afi ma. 44Aƒetɔ na woƒe dzi dze eme le anyigba blibo la dzi, abe ale si wòdo ŋugbe na wo tɔgbuiwo ene. Woƒe futɔwo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mete ŋu nɔ te ɖe wo nu kpɔ o, elabe Aƒetɔ na woɖu wo katã dzi. 45Nu nyui siwo katã ŋugbe Aƒetɔ do na Israel-dukɔa la su wo si keŋ; ɖeke mesusɔ o.

Currently Selected:

Yosua 21: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in