Yosua 19
19
Anyigba si woka na Simeon viwo ƒe to la
1Nudzidze evelia dze Simeon viwo ƒe to dzi, le woƒe ƒomeawo nu. Woƒe anyigba la ge ɖe Yuda viwo ƒe anyigba me. 2#Kron I, 4.28-33. Woƒe duwoe nye: Beer-Seba, Seba, Molada, 3Xazar-Sual, Bala, Ezem, 4Eltolad, Betul, Xorma 5Ziklag, Bet-Markabot, Xazar-Susa 6Bet-Lebaot kple Saruxen. Wole du wui ene hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 7Du bubuwo hã nye Ayin Rimon, Eter kple Asan. Wole du ene kple woƒe kɔƒewo. 8Kɔƒe siwo katã le du siawo gbɔ va se ɖe Baalat-Beer alo Ramat le anyigbeme la hã le eme. Esiae nye anyigba si Simeon viwo ƒe to la xɔ le woƒe ƒomeawo nu abe woƒe domenyinu ene. 9Anyigba si Yuda viwo ƒe to la xɔ la lolo na wo akpa eya ta woka ɖe le eŋu tsɔ na Simeon viwo ƒe to la, be wòanye woƒe domenyinu.
Anyigba si woka na Zebulon viwo ƒe to la
10Nudzidze etɔ̃lia dze Zebulon viwo ƒe to la dzi, le woƒe ƒomeawo nu. Woƒe anyigba la de keke Sadrid ke. 11Liƒo la zɔ ɣetoɖoƒe gome va to Marala heto Bedabaset ŋu, eye wòva ke ɖe tɔʋu si le Yokneam ŋgɔ la nu. 12Liƒo la trɔ tso Sadrid ɖo ta ɣedzeƒe gome va to Kislot-Tabor ƒe liƒo ŋu, eye wòto Daberat ŋu va do ɖe Yafia. 13Esi wòtso le afi sia la, eɖo ta ɣedzeƒe gome va to Gat-Xefer kple Et-Kazin hemlo to Rimon va ke ɖe Nea. 14Le dzigbeme la, liƒo la glɔ̃ mɔ ɖo ta megbe va do ɖe Xanaton va wu nu ɖe Yiftax-El-bali me. 15Woƒe duwoe nye: Katat, Nahalal, Simron, Yidala kple Betlehem. Wole du wui eve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 16Esiae nye anyigba si Zebulon viwo xɔ hekpe ɖe woƒe duwo kple kɔƒewo ŋu, le woƒe ƒomeawo nu.
Anyigba si woka na Isaxar viwo ƒe to la
17Nudzidze enelia dze Isaxar viwo ƒe to la dzi, le woƒe ƒomeawo nu. 18Woƒe anyigba la tsɔ teƒe siawo ɖe eme: Yezreel, Kesulot, Sunem, 19Xafarayim, Sion, Anaxarat, 20Rabit Kision, Abez, 21Remet, En-Ganim, En-Xada kple Bet-Pazez. 22Liƒo la va ke ɖe Tabor, Saxazima kple Bet-Semes ŋu, eye wòva wu nu ɖe Yordan-tɔsisi la nu. Wole du wui ade hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 23Esiae nye anyigba si Isaxar viwo xɔ hekpe ɖe woƒe duwo kple kɔƒewo ŋu, le woƒe ƒomeawo nu abe woƒe domenyinu ene.
Anyigba si woka na Aser viwo ƒe to la
24Nudzidze atɔ̃lia dze Aser viwo ƒe to la dzi, le woƒe ƒomeawo nu. 25Woƒe anyigba la tsɔ teƒe siawo ɖe eme: Xelkat, Xali, Beten, Axsaf 26Alamelex, Amad kple Misal. Le ɣetoɖoƒe gome la, eto Karmel kple Sixor-Libnat ŋu. 27Azɔ etrɔ ɖo ta ɣedzeƒe gome va ke ɖe Bet-Dagon, eye wòzɔ to Zebulon kple Yiftax-El-bali la ƒe dzigbeme lɔƒo va ɖo Bet-Emek kple Negiel. Eyi ŋgɔ to dzigbeme va ɖo Kabul, 28Ebron, Rexob, Xamon kple Kana va se ɖe Sidon, du xɔŋkɔ la, gbɔ. 29Azɔ liƒo la trɔ va Rama kple Tiro, du sesẽ la, gbɔ, eye wòtrɔ to Xosa heva wu nu ɖe Domeƒu la nu. Du siwo le woƒe anyigba me tso ƒuta la woe nye: Akzib, 30Uma, Afek kple Rexob. Wole du bla eve vɔ eve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 31Esiae nye anyigba si Aser viwo ƒe to la xɔ hekpe ɖe woƒe duwo kple kɔƒewo ŋu, le woƒe ƒomeawo nu abe woƒe domenyinu ene.
Anyigba si woka na Naftali viwo ƒe to la
32Nudzidze adelia dze Naftali viwo ƒe to la dzi, le woƒe ƒomeawo nu. 33Woƒe liƒo la tso Xelef kple logotiwo gbɔ le Zaananim, Adami-Hanekeb kple Yabneel va se ɖe Lakum eye wòva wu nu ɖe Yordan-tɔsisi nu. 34Azɔ liƒo la trɔ ɖo ta ɣetoɖoƒe gome va to Aznot-Tabor, eye wòzɔ to Xukok ŋu va to Zebulon ŋu le anyigbeme. Eto Aser ŋu le ɣetoɖoƒe eye wòto Yordan- tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome. 35Woƒe du sesẽwoe nye: Zidim, Zer, Xamat, Rakat, Kineret, 36Adama, Rama, Xazor, 37Kedes, Edrei, En-Xazor 38Yireon, Migdal-El, Xorem, Bet-Anat kple Bet-Semes. Wole du wui asieke hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. 39Esiae nye anyigba si Naftali ƒe to la xɔ hekpe ɖe woƒe duwo kple kɔƒewo ŋu, le woƒe ƒomeawo nu abe woƒe domenyinu ene.
Anyigba si woka na Dan viwo ƒe to la
40Nudzidze adrẽlia dze Dan viwo ƒe to dzi, le woƒe ƒomeawo nu. 41Du siwo le woƒe anyigba me la woe nye: Zora, Estaol, Ir-Semes, 42Saalabin, Ayalon, Yitla, 43Elon, Timnat, Ekron, 44Elteke, Gibeton, Baalat, 45Yehud, Bene-Berak, Gat-Rimon 46Me-Yarkon kple Dakon kple eƒe anyigba si le Yafo kasa. 47#Ɖel 18.27-29. Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, ame aɖewo xɔ anyigba la le Dan viwo si. Ale woyi ɖawɔ aʋa kple Lesemtɔwo. Dan viwo ɖu wo dzi, xɔ dua le wo si hetso aƒe ɖe eme. Wotrɔ ŋkɔ na Lesem-dua be Dan si nye wo tɔgbuiŋkɔ. 48Esiae nye anyigba si Dan viwo ƒe to la xɔ hekpe ɖe woƒe duwo kple kɔƒewo ŋu, le woƒe ƒomeawo nu abe woƒe domenyinu ene.
Anyigba si Israelviwo tsɔ na Yosua
49Esi Israelviwo ma anyigba la vɔ la, wona anyigba Yosua, Nun vi la, ɖe wo dome abe eƒe domenyinu ene. 50Wotsɔ du si eya ŋutɔ bia la nɛ abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene. Du la ŋkɔe nye Timnat-Serax le Efrayim-to dzi. Yosua gbugbɔe tso eye wòɖo nɔƒe ɖe eme.
51Anyigba siae nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi kpakple Israelviwo ƒe ƒomemetsitsiwo ma eye wodzidze nu ɖe wo dzi le Silo le Aƒetɔ ŋkume. Wowɔ esia le godoƒegbadɔ ƒe mɔnu. Ale wowu anyigba si le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe gome la mama nu.
Currently Selected:
Yosua 19: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.