Yosua 13
13
Aƒetɔ bia tso Yosua si be wòaxɔ anyigba si susɔ la
1Yosua tsi eye wòxɔ ƒè geɖee. Tete Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Fifia la ètsi, eye nèxɔ ƒè geɖee, evɔ la anyigba gasusɔ fũu si wòle be woaxɔ. 2Anyigba siwo susɔ la woe nye: Filistitɔwo kple Gesuritɔwo ƒe anyigbawo katã, 3hekpe ɖe Avitɔwo ƒe anyigba si le anyigbeme la ŋu. Wobua anyigba si tso Sixor-tɔʋu la nu le Egipte ƒe liƒo dzi le ɣedzeƒe gome heyi dzigbeme va se ɖe Ekron ƒe liƒo dzi la be enye Kanaanitɔwo tɔ. Filistitɔwo ƒe dziɖula atɔ̃ le du siwo gbɔna la me: Gaza, Asdod, Askalon, Gad kple Ekron. 4Kanaanitɔwo ƒe anyigba la katã kple Meara, si nye Sidontɔwo tɔ la, heyi keke Afek ke le Amoritɔwo ƒe liƒo dzi la hã susɔ. 5Anyigba bubu siwo gasusɔ la woe nye: Giblitɔwo tɔ, Lebanon blibo la heyi ɣedzeƒe gome, tso Baal-Gad le Xermon-to ƒe bali me va se ɖe Xamat. 6#Mos IV, 33.54. Esia lɔ tonyigbadzinɔlawo katã siwo nye Sidontɔwo la ɖe eme tso Lebanon-toawo gbɔ va se ɖe Misrefot-Mayim. Nye ŋutɔ mele ame siawo katã nyà ge ɖa le Israelviwo ŋgɔ hafi woava ɖo wo nɔƒe. Wò ya ma anyigba la na Israelviwo, abe ale si megblɔ na wò ene. 7Eya ta azɔ la, ma anyigba la na to asiekeawo kple Manase-to afã la, ne wòanye woƒe domenyinu.”
Anyigba si le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome mama
8 #
Mos IV, 32.33; Mos V, 3.12. Ruben-to kple Gad-to kpakple Manase-to afã ya la, Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla la tsɔ woƒe anyigbawo na wo xoxo. Anyigba sia le Yordan-tɔsisi la godo le ɣedzeƒe kpa dzi. 9Woƒe anyigba la tso Aroer si le Arnon-tɔʋu la to kple du si le balia titina la gbɔ helɔ Medeba-tonyigba gbadza la katã ɖe eme va se ɖe Dibon. 10Anyigba la se ɖe keke Amonviwo ƒe liƒo dzi ke, eye wòtsɔ du siwo katã dzi Sixon, Amori-fia si nɔ Xesbon, ɖu la ɖe eme. 11Anyigba la tsɔ Gilead, Gesur kple Maaxati nyigbawo hekpe ɖe Xermon-to la katã kple Basan bliboa va se ɖe Salxa hã ɖe eme. 12Etsɔ Og ƒe fiaɖuƒe la katã ɖe eme. Fia sia nye ame dzɔtsu mlɔetɔ si susɔ, eye wòɖu fia le Astarot kple Edrei. Mose ɖu ame siawo katã dzi, eye wònyà wo ɖa. 13Ke Israelviwo menyà Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo ya ɖa o. Woawo gale Israel-nyigba dzi va se ɖe egbe.
14 #
Mos V, 18.1. Mose mena anyigba aɖeke Levi viwo ya o, elabe Aƒetɔ gblɔ nɛ be, ne dukɔ la me nu sa vɔe na ye Israel Mawu la la, wonena vɔsanumeme la ƒe ɖe Levi viwo abe woƒe domenyinu ene.
Anyigba si woka na Ruben-to la
15Mose ka anyigba na Ruben viwo abe woƒe domenyinu ene, ƒome ɖe sia ɖe kple etɔ. 16Woƒe anyigba la tso Aroer si le Arnon-bali la, to kple du si le balia titina kple tonyigba gbadza si ƒo xlã Medeba la katã. 17Anyigba la tsɔ Xesbon kple du siwo katã le tonyigba gbadza la dzi la ɖe eme. Duawoe nye: Dibon, Bamot-Baal kple Bet-Baal-Meon, 18Yaza, Kedemot kple Mefat 19Kiryataim, Simba kple Zeret-Saxar si le togbɛ dzi le balia me, 20Bet-Peor, Pisga-to la ƒe abuɖiƒewo kple Bet-Yesimot. 21Anyigba la gatsɔ du siwo katã le tonyigba gbadza la dzi kple Amoritɔwo ƒe fia Sixon, ame si ɖu dzi le Xesbon la ƒe fiaɖuƒe ɖe eme. Fia atɔ̃ aɖewo, siwo ŋkɔwo nye Evi, Rekem, Zur, Xur kple Reba la ɖu anyigba sia ƒe akpa aɖewo dzi na fia Sixon. Gake Mose ɖu fia Sixon kple fia bubu siawo katã dzi hexɔ woƒe anyigba. 22Ame siwo Israelviwo wu la dometɔ ɖeka nye bokɔ. Eŋkɔe nye Bileam, eye wònye Beor vi. 23Ale Yordan-tɔsisi la do liƒo na Ruben viwo le ɣetoɖoƒe gome. Wotsɔ du kple kɔƒe siawo na Ruben viwo, ƒome ɖe sia ɖe kple etɔ abe woƒe domenyinu ene.
Anyigba si woka na Gad-to la
24Mose ka anyigba na Gad viwo hã, ƒome ɖe sia ɖe kple etɔ. 25Woƒe anyigba la tsɔ Yazer kple Gilead duwo katã, Amonviwo ƒe anyigba afã va se ɖe Aroer si le Raba ƒe ɣedzeƒe gome la ɖe eme. 26Anyigba la gatso Xesbon va se ɖe Ramat-Mizpa kple Betonim, eye wògatso Maxanaim va se ɖe Lo-Debar ƒe liƒo dzi. 27Du siwo nye wo tɔ le Yordan-balia me la woe nye: Bet-Haram, Bet-Nimra, Sukot kple Zafon. Wonye Xesbon-fia, Sixon, ƒe fiaɖuƒe ƒe akpa si susɔ la. Yordan-tɔsisi lae nye woƒe liƒo le ɣetoɖoƒe gome. Anyigba la yi ɖase ɖe Kinerot-ta nu le dzigbeme ke. 28Wotsɔ du kple kɔƒe siawo na Gad viwo, ƒome ɖe sia ɖe kple etɔ, abe woƒe domenyinu ene.
Anyigba si woka na Manase-to afã le ɣedzeƒe gome
29Mose ka anyigba la ƒe akpa aɖe na Manase-to afã, eye ƒome ɖe sia ɖe si le to afã ma me la xɔ etɔ. 30Anyigba la tso Maxanaim heto Basan-nyigba me. Og, Basan-fia ƒe fiaɖuƒe katã kple Yair-du bla ade siwo le nutoa me la ɖe eme. 31Nenema ke Gilead-nyigba ƒe afã, Astarot kple Edrei, siwo nye duwo le Basan-fia, Og ƒe dziɖuƒe me la hã le eme. Wotsɔ anyigba sia na ƒome siwo nye Manase vi, Maxir ƒe dzidzimeviwo la ƒe afã abe woƒe ƒomea tɔ ene.
32Aleae Mose ma Moab-gbegbe si le Yerixo ƒe ɣedzeƒe gome le Yordan-tɔsisi la godoe. 33#Mos IV, 18.20; Mos V, 18.2. Ke Mose meka anyigba aɖeke na Levi viwo ƒe to la ya o, elabe Aƒetɔ gblɔ be ne dukɔ la me nu sa vɔe na ye la, vɔsanu la ƒe akpa aɖe nanye Levi viwo tɔ.
Currently Selected:
Yosua 13: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.