Bible App logo
Search Icon

Yosua 14

14
Anyigba si le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe gome la mama
1Domenyinu siwo Israelviwo xɔ le Kanaan-nyigba dzi, esiwo nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi kpakple Israel-toawo ƒe ƒomemetsitsiwo ma na wo la woe nye esi: 2#Mos IV, 26.52-56; 34.13. Hafi woamae la, wodzidze nu abe ale si Aƒetɔ la gblɔe na Mose be wòawɔe na to asieke kple afã siwo susɔ la ene. 3#Mos IV, 32.33; 34.14, 15; Mos V, 3.12-17.Elabe Mose ma domenyinu na to eve kple afã le Yordan godo xoxo. Ke mena ɖeke Levi viwo ya o. 4Elabe Yosef ƒe amewo nye to eve, Manase kple Efrayim. Womena gome aɖeke Levi viwo le anyigba la me o, ke wotsɔ du aɖewo na wo be woanɔ wo me. Lãnyiƒewo hã kpe ɖe duawo ŋu hena lãnyinyi. 5Ale Israelviwo ma anyigba la abe ale si Aƒetɔ di tso wo si ene.
Yosua tsɔ Xebron-du la na Kaleb
6 # Mos IV, 14.30. Gbe ɖeka la, Yuda vi aɖewo tso Yuda-to la me va Yosua gbɔ le Gilgal. Kaleb, Yefune vi, si nye Kenizitɔ la hã le wo dome. Eya gblɔ na Yosua be: “Ènya nya si Aƒetɔ gblɔ na Mose, Mawu ƒe ame la, le nye kpli wò ŋuti le Kades-Barnea. 7#Mos IV, 13.1-30. Mexɔ ƒe bla ene esime Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla la dɔm tso Kades-Barnea be maɖatsa ŋku le anyigba sia dzi. Mede gbɔ va gblɔ nu si mekpɔ la tututu nɛ. 8Ke nɔvinye siwo de kplim la va ɖe dzi le dukɔ la ƒo gake nye ya meɖo dzi ɖe Aƒetɔ, nye Mawu la ŋu bliboe. 9#Mos IV, 14.24. Tete Mose do ŋugbe nam gbe ma gbe gblɔ be: ‘Anyigba si dzi nède la, anye wò kple viwòwo ƒe domenyinu tegbee, elabe èɖo dzi ɖe Aƒetɔ, nye Mawu la ŋu bliboe.’ 10Azɔ kpɔ ɖa! Esi Aƒetɔ gblɔ nya sia na Mose la, ƒe bla ene vɔ atɔ̃ sɔŋ nye esi. Le ɣeyiɣi ma me la, Israelviwo nɔ mɔ zɔm le gbedadaƒo. Ke Aƒetɔ na megale agbe va se ɖe fifi. Kpɔm ɖa! Mànya be mexɔ ƒe bla enyi vɔ atɔ̃ egbe o. 11Ŋusẽ gale ŋunye egbe abe ale si wònɔ ŋunye esime Mose dɔm ene. Mele te, agate ŋu awɔ aʋa, ate ŋu awɔ nu sia nu gɔ̃ hã abe tsã ene. 12Azɔ la, tsɔ tonyigba sia, si ŋugbe Aƒetɔ do nam gbe ma gbe la nam. Wò ŋutɔ èsee le mía nu gbe ma gbe be ame dzɔtsu siwo woyɔna be Anakitɔwo la le du lolo triakɔwo me le afi ma. Ðewohĩ Aƒetɔ anɔ kplim be manyà wo ɖa abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene.”
13Tete Yosua bia yayra na Kaleb, Yefune vi la, eye wòtsɔ Xebron-du nɛ abe eƒe domenyinu ene. 14Ale Xebron va zu Yefune Kenizitɔ vi, Kaleb tɔ va se ɖe egbe, le ale si wòwɔ Aƒetɔ, Israel Mawu la ƒe gbe dzi tututu la ta. 15Tsã la, woyɔa Xebron be Arba ƒe du. Arba nye ame si xɔ ŋkɔ wu le Anakimtɔwo dome. Tete anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.

Currently Selected:

Yosua 14: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in