Bible App logo
Search Icon

Yosua 12

12
Fia siwo dzi Mose ɖu la ŋkɔwo
1 # Mos IV, 21.21-35; Mos V, 2.26—3.11. Israelviwo ɖu fia eve dzi, eye woxɔ woƒe anyigba le wo si. Anyigba la tso Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome to Arnon-tɔʋu nu va se ɖe Xermon-to kple gbadzaƒe si le ɣedzeƒe gome la gbɔ. Fia siwo dzi woɖu la dometɔ ɖekae nye 2Sixon. Eyae nye Amoritɔwo ƒe fia. Enɔ Xesbon. Eƒe dziɖuƒe tso Aroer gbɔ le Arnon-tɔʋu nu to tɔʋu la ƒe go ɖeka dzi, hetsɔ Gilead ƒe afã ɖe eme va se ɖe Yabok-tɔʋu si nye Amonviwo ƒe liƒo la nu. 3Eƒe dziɖuƒe la gatso gbadzaƒe la yi Kinerot-ƒu nu le ɣedzeƒe, eye wòva Dzeƒu si le tagba nu le ɣedzeƒe, ɖo ta Bet-Yesimot va se ɖe Pisga-to ƒe aga nu le anyigbeme. 4Fia eveliae nye Og, Basan-fia. Eyae nye ame dzɔtsu mamlɛtɔ si nɔ Astarot kple Edrei nyigbawo nu. 5Eƒe dziɖuƒee nye Xermon-to, Salxa kple Basan blibo la, eye wòkeke va se ɖe keke Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo ƒe liƒo ŋu ke. Gilead ƒe afã kple Sixon, Xesbon-fia ƒe anyigba hã le eme. 6#Mos IV, 32.33; Mos V, 3.12. Mose kple Israelviwo ɖu fia eve siawo dzi, eye Mose, Mawu ƒe dɔla tsɔ woƒe anyigbawo na Ruben kple Gad viwo kpakple Manase ƒe to afã wozu wo tɔ.
Fia siwo dzi Yosua ɖu la ŋkɔwo
7Yosua kple Israelviwo ɖu fia siwo katã le anyigba si le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe gome la dzi. Anyigba la tso Baal-Gad le Lebanon-bali me va se ɖe Xalak-to si le anyigbeme le Seir gbɔ la dzi. Yosua tsɔ anyigba la na Israel-toawo, eye wòmae ɖe toawo nu, to ɖe sia ɖe kple etɔ. 8Teƒe siwo anyigba la tsɔ ɖe eme la woe nye tonyigba la, gbadzaƒe si le toawo gbɔ, tagba la, toawo ŋu kple gbegbe la. Anyigba la dzi nɔlawoe nye: Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo. 9Israelviwo ɖu du siwo gbɔna la ƒe fiawo dzi: Yerixo, Ai si te ɖe Betel ŋu 10Yerusalem, Xebron, 11Yarmut, Laxis, 12Eglon, Gezer, 13Debir, Geder, 14Xorma kple Arad. 15Bubuwo nye: Libna, Adulam, 16Madeda, Betel, 17Tapua, Xefer, 18Afek kple Saron. 19Bubuwo hãe nye: Madon, Xazor, 20Simoron-Meron, Axsaf, 21Tanax, Megido 22Kedes, Yokneam si le Karmel-to ŋu, 23Dor si le Dor-ƒuta, Gilgal-dukɔ vovovowo 24kple Tirza. Fiaawo katã ƒe xexlẽme nye bla etɔ̃ vɔ ɖekɛ.

Currently Selected:

Yosua 12: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in