Bible App logo
Search Icon

Yosua 11

11
Yosua ɖu fia Yabin kple fia siwo le dzigbeme la dzi
1Esi Xazor-fia, Yabin se ale si Israelviwo le duwo dzi ɖumee la, edɔ ame ɖo ɖe Madon-fia, Yobab kple Simron-fia kpakple Axsaf-fia. 2Eɖo ame ɖe fia siwo le tonyigbawo dzi le dzigbeme, esiwo le tagba si le Kinerot le anyigbeme, esiwo le gbadzaƒe kple esiwo le bali me le ƒuta si te ɖe Dor ŋu la. 3Nenema ke wòɖo ame ɖe Kanaanitɔ siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, ɖe Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo le tonyigbawo dzi kpakple Xivitɔ siwo le Xermon-to la ƒe bali me kple esiwo le Mizpa-nyigba dzi la hã. 4Tete woho va kple woƒe aʋakɔwo katã bibibi. Wosɔ gbɔ abe ƒutake ene; sɔwo kple tasiaɖamwo le wo si fũu. 5Fia siawo katã ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo ɖekae eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Merom-tɔʋu la nu be woawɔ aʋa kple Israelviwo.
6Tete Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Mègavɔ̃ wo o. Hafi etsɔ ɣe alewo ɣi naɖo la, mawu wo katã na Israel. Miana woƒe sɔwo ƒe ata natu, eye miatɔ dzo woƒe tasiaɖamwo.” 7Ale Yosua kple eƒe aʋakɔwo va ƒo ɖe wo dzi kpoyi le Merom-tɔʋu la nu, eye wokpe aʋa kpli wo. 8Aƒetɔ na Israelviwo ɖu wo dzi. Wonyà wo ɖe nu va se ɖe Sidon kple Misrefot-Mayim kpakple Mizpa-bali me le ɣedzeƒe gome. Wowu wo keŋkeŋ; womesusɔ ame ɖeka hã ɖi o. 9Ale Yosua na woƒe sɔwo ƒe ata tu eye wòtɔ dzo woƒe tasiaɖamwo, abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene.
10Azɔ la, Yosua gbugbɔ yi ɖaxɔ Xazor eye wòwu dufia la kple yi. Ɣe ma ɣi la, Xazor nye fiaɖuƒe mawo katã ƒe ta. 11Wowu ame sia ame le dua me, womegblẽ ame aɖeke ɖi o, eye wotɔ dzo dua. 12Ale wɔ Yosua ɖu duawo katã kple woƒe fiawo katã dzi, ewu wo kple yi hetsrɔ̃ wo gbidii abe ale si Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla la gblɔ nɛ ene. 13Ke Yosua metɔ dzo du siwo le togbɛwo dzi la ya o; Xazor ɖeɖe koe wòtɔ dzoe. 14Israelviwo ha aboyonuawo kple lãhawo le duawo katã me; wowu ame sia ame kple yi; womegblẽ ame ɖeka pɛ hã ɖi o. 15Nu si Aƒetɔ gblɔ na eƒe dɔla Mose be newɔ la, eyae Mose hã gblɔ na Yosua be newɔ, eye Yosua wɔ ɖe edzi. Ewɔ nu siwo katã Aƒetɔ gblɔ na Mose be newɔ la pɛpɛpɛ; meɖe ɖeke le eme o.
Yosua xɔ anyigba la katã
16Ale Yosua xɔ anyigba la katã. Anyigba la tso tonyigbawo kple woƒe balimewo, Gosen-nyigba blibo la kple gbegbe gbadza si le anyigbeme nɛ, tagba la, Israel-tonyigba la kpakple wo ŋu baliwo. 17Anyigba la gatso Xalak-to si le anyigbeme le Seir gbɔ la dzi yi keke Baal-Gad le dzigbeme va se ɖe Lebanon-bali si le anyigbeme na Xermon-to la te. Eɖe aboyo woƒe fiawo katã, ƒo wo, eye wòwu wo. 18Yosua wɔ aʋa kple fia mawo eteƒe didi. 19Duawo dometɔ aɖeke mewɔ ŋutifafa kple Israelviwo o, negbe Xivitɔwo ko. Woawoe nɔ Gibeon. Ke du bubuawo katã ya la, aʋae wòwɔ kpli wo hafi xɔ wo. 20#Mos V, 7.16. Aƒetɔ ŋutɔ ƒe nuɖoɖo wònye be woasẽ dzi me be yewoawɔ aʋa kple Israelviwo ale be to ema me la, woatsrɔ̃ wo keŋkeŋ nublanuimakpɔtɔe. Aleae Aƒetɔ gblɔ na Mose be wòawɔ.
21Ɣe ma ɣi la, Yosua yi ɖatsrɔ̃ ame dzɔtsu siwo woyɔna be Anakitɔwo la le tonyigbawo dzi le Xebron, Debir, Anab kple esiwo katã le tonyigbawo dzi le Yuda kple Israel. Yosua tsrɔ̃ wo kpakple woƒe duwo keŋkeŋ. 22Anakitɔ aɖeke megasusɔ ɖe Israel-nyigba dzi o, negbe Gaza, Gat kple Asdod koe ʋɛ aɖewo ganɔ. 23Ale Yosua xɔ anyigba la katã abe ale si tututu Aƒetɔ la gblɔe na Mose ene. Tete Yosua tsɔ anyigba la na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene, eye wòmae na toawo katã, to ɖe sia ɖe kple etɔ. Tete anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.

Currently Selected:

Yosua 11: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in