Yosua 10
10
Yosua kple Israelviwo ɖu Amoritɔwo dzi
1Yerusalem-fia, Adoni-zedek se ale si Yosua xɔ Ai, eye wòtsrɔ̃ dua gbidii, eye wòwu woƒe fia abe ale si wòwɔ na Yerixo-du kple eƒe fia la ene. Ese hã be Gibeontɔwo wɔ ŋutifafa kple Israelviwo, eye Israelviwo xɔ wo ɖe wo dome. 2Nya sia sese do ŋɔdzi na fia la ŋutɔŋutɔ, elabe Gibeon nye du lolo abe fiadu bubuawo ene. Gawu la, elolo wu Ai, eye dua me ŋutsuwo katã nye kalẽtɔwo. 3Ale Yerusalem-fia, Adoni-zedek dɔ ame ɖo ɖe Xebron-fia Hoham, Yarmut-fia Piram, Laxis-fia Yafia kple Eglon-fia Debir be: 4“Miva kpe ɖe ŋunye ne míaho aʋa ɖe Gibeontɔwo ŋu elabe woyi ɖawɔ ŋutifafa kple Yosua kpakple Israelviwo.” 5Tete Yerusalem-fia, Xebron-fia, Yarmut-fia, Laxis-fia kple Eglon-fia, siwo nye Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo la, ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo ɖekae, eye woho va ɖe to ɖe Gibeon-du hekpe aʋa kplii.
6Gibeontɔwo dɔ ame ɖo ɖe Yosua le asaɖa la me le Gilgal be: “Amegã, mègagblẽ mí wò subɔlawo ɖi o. Netsɔ nàva kpe ɖe mía ŋu. Va xɔ na mí! Amoritɔwo ƒe fia siwo katã le towo dzi la ho aʋa ɖe mía ŋu.” 7Ale Yosua kple eƒe aʋakɔ kpakple kalẽtɔwo katã ho tso Gilgal. 8Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Mègavɔ̃ wo o, elabe mana miaɖu wo dzi. Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã manɔ te ɖe nuwò o.” 9Yosua kple eƒe aʋakɔ la zɔ zã tso Gilgal va Gibeon eye wova ƒo ɖe Amoritɔwo dzi kpoyi. 10Tete Aƒetɔ na wolulu esime wokpɔ Israelviwo. Israelviwo wu wo nyamanyama le Gibeon, eye wonyà wo ɖe nu tso toawo dzi ɖi abu do ɖe Bet-Xoron. Wokplɔ wo ɖo nɔ wo wum va se ɖe keke Azeka kple Makeda ke. 11Esi wonɔ sisím le Israel nu tso Bet-Xoron nɔ abu ɖim yina la, Aƒetɔ na kpe gãwo nɔ dzadzam tso dziƒo abe tsi ene henɔ wo ƒom va se ɖe keke Azeka ke hewu wo fũu ŋutɔ. Ame siwo tsi kpeawo nu la sɔ gbɔ wu esiwo tsi Israelviwo ƒe yi nu.
12Gbe si gbe Aƒetɔ na Israelviwo ɖu Amoritɔwo dzi la, Yosua ƒo nu kplii. Yosua gblɔ le Israelviwo ŋkume be:
“Ɣe, nɔ tsitre ɖe Gibeon tame!
Ɣleti, tɔ te ɖe Ayalon-bali la tame!”
13 #
Sam II, 1.18; Sir 46.4-6. Tete ɣe nɔ te ɖi,
eye ɣleti tɔ te ɖi,
va se ɖe esime dukɔa bia hlɔ̃ woƒe futɔwo.
Ðe womeŋlɔ nya sia ɖe Ame dzɔdzɔewo ƒe Agbalẽ la me oa? Esi ɣe ɖo ta la, etɔ te eye mezɔ yi ɖaɖo to o. Enɔ afi ma abe ŋkeke blibo ene. 14Ale Aƒetɔ wɔ ɖe amegbetɔ ƒe gbe dzi gbe ma gbe. Ŋkeke aɖeke menɔ nenema kpɔ o, eye ɖeke hã maganɔ nenema akpɔ o, elabe Aƒetɔ nɔ Israelviwo dzi wɔ aʋa na wo.
15Le esia megbe la, Yosua kple eƒe aʋakɔwo katã gbugbɔ va asaɖa la me le Gilgal.
Yosua lé Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo
16Ke fia atɔ̃awo ya sí yi ɖabè ɖe agado me le Makeda. 17Ame aɖe yi ɖagblɔ na Yosua be wokpɔ fia atɔ̃awo, wobè ɖe agado me le Makeda. 18Yosua gblɔ be: “Mimli kpe gãwo tu agadoa nu, eye miɖo amewo afi ma ne woanɔ eŋu dzɔm, 19ke miawo ŋutɔ miganɔ afi ma o. Miawo miti futɔawo yome, eye minɔ wo wum tso megbe. Migana woage ɖe woƒe duwo me o, elabe Aƒetɔ, mia Mawu la tsɔ wo de asi na mi.” 20Yosua kple Israel-ʋakɔwo wu futɔawo nyamanyama hetsrɔ̃ wo katã kloe. Ke wo dome ame ʋɛ aɖewo sí yi ɖabè ɖe woƒe sitsoƒedu sesẽwo me. 21Aʋawɔlaawo katã gbugbɔ va Yosua gbɔ le asaɖa la me le Makeda dedie. Ema megbe la, ame aɖeke megado dzi ke nu gblɔ nya aɖeke ɖe Israelviwo ŋu kpɔ o.
22Azɔ Yosua gblɔ be: “Miɖe nu le agadoa nu ne miakplɔ fia atɔ̃ mawo do goe vɛ nam.” 23Wokplɔ fia atɔ̃awo, siwo nye Yerusalem, Xebron, Yarmut, Laxis kple Eglon fiawo la, va egbɔe. 24Esi wokplɔ wo va Yosua gbɔe la, eyɔ Israel-ŋutsuwo katã vɛ, eye wògblɔ na aʋakplɔla siwo kplɔe de aʋagbedzi la be: “Mite va. Miɖo afɔ ve dzi na fia siawo!” Ale wote va heɖo afɔ ve dzi na wo. 25Yosua gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo hã o. Milé dzi ɖe ƒo eye misẽ ŋu, elabe alea ye Aƒetɔ awɔ miaƒe futɔ siwo awɔ aʋa kpli mi lae. 26Emegbe Yosua wu fiaawo. Ede ka ve na wo ɖe ati atɔ̃ ŋu, eye wonɔ atiawo ŋu va se ɖe fiẽ me. 27Esi ɣe yina to ɖo ge la, eɖe gbe be woaɖe woƒe kukuawo le atiawo ŋu. Woɖe wo, eye wotsɔ wo yi ɖaƒu gbe ɖe agado siwo me wobè ɖo va yi la me. Tete amewo mli kpe gãwo tsɔ tu agadoawo nu. Wogale afi ma va se ɖe egbe.
Yosua xɔ Amoritɔwo ƒe anyigba bubuwo hã
28Yosua xɔ Makeda-du gbe ma gbe, eye wòwu dufia la kple ame sia ame le dua me; ɖeke mekpɔ mɔ sí o. Nu si wòwɔ Yerixo-fia la, eya kee wòwɔ Makeda-fia hã.
29Eyome eya kple eƒe aʋakɔ la katã ho tso Makeda yi Libna, eye wokpe aʋa kple afi ma tɔwo. 30Aƒetɔ tsɔ dua kple emefia siaa de asi na Israelviwo, eye wowu ame sia ame le dua me; ɖeke mesusɔ o. Nu si Yosua wɔ Yerixo-fia la, eya kee wòwɔ Libna-fia la hã.
31Yosua kple eƒe aʋakɔ la katã ho tso Libna yi Laxis. Woɖe to ɖe dua, eye wowɔ aʋa kplii. 32Aƒetɔ na Israelviwo ɖu Laxistɔwo dzi le ŋkeke evea gbe. Wowu dua me tɔwo katã abe ale si wowɔ le Libna ene; womegblẽ ɖeke ɖi o.
33Gezer-fia Horam ho va be yeava xɔ na Laxistɔwo. Ke Yosua ɖu eya kple eƒe aʋakɔwo hã dzi keŋkeŋ ale be wo dometɔ aɖeke metsi agbe o.
34Yosua ho kple eƒe aʋakɔ la tso Laxis yi Eglon. Woɖe to ɖe dua, eye wowɔ aʋa kplii. 35Woɖu dua me tɔwo dzi gbe ma gbe ke, eye wowu wo katã. Wotsrɔ̃ wo abe ale si wowɔ le Laxis ene.
36Emegbe la, Yosua ho kple eƒe aʋakɔ la tso Eglon yi Xebron, eye wòwɔ aʋa kpli wo. 37Woɖu Xebrontɔwo dzi. Wowu woƒe fia kple ame sia ame le woƒe duwo me. Yosua gbã dua gbidigbidi abe ale si wòwɔ Eglon-du la ene. Ame ɖeka hɔ̃ hã metsi agbe le eme o.
38Eyome eya kple eƒe aʋakɔ la trɔ ɖe Debir-du ŋu, eye wowɔ aʋa kplii. 39Woɖu Debirtɔwo dzi. Asi su woƒe fia dzi, eye woxɔ woƒe duwo. Wowu ame sia ame kple yi le dua me; ame ɖeka hɔ̃ hã metsi agbe le eme o. Ale si Yosua wɔ Xebron kple Libna kpakple Libna-fiae la, nenemae wòwɔ Debir kple eƒe fia hãe.
40Ale Yosua ɖu anyigba la katã dzi. Eɖu fia siwo katã le tonyigbawo dzi, esiwo le dzogbenyigba si le anyigbeme, esiwo le gbadzaƒe siwo le toawo gɔme le ɣetoɖoƒe kple esiwo le toawo ƒe abuɖiƒewo la hã dzi. Mesusɔ ame aɖeke ɖi o; ewu wo katã keŋkeŋ, abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene. 41Ale Yosua ɖu wo dzi tso Kades-Barnea va se ɖe Gaza, eye wòxɔ Gosen-nyigbawo katã va se ɖe Gibeon. 42Yosua ɖu fia siawo katã dzi le aʋahoho zi ɖeka ko me, elabe Aƒetɔ, Israel Mawu lae wɔ aʋa na Israel. 43Le nu siawo megbe la, Yosua kple eƒe aʋakɔ gbugbɔ va woƒe asaɖa me le Gilgal.
Currently Selected:
Yosua 10: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.