Yona KPƆKPLƆYIÐEME
KPƆKPLƆYIÐEME
Yona ƒe Agbalẽ sia to vovo tso Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbalẽ bubuawo gbɔ. Eya nye ŋutinya, ke bubuawo nye gbeƒãɖeɖe. Eƒo nu le nu vovovo siwo dzɔ ɖe Mawu ƒe gbeƒãɖela Yona dzi, esime wògbe be yemaɖo to nu si Mawu gblɔ nɛ be newɔ la o la, ŋu. Mawu dɔe be wòayi Ninive si nye Asiria-dziɖuɖu ƒe du gã la me. Le ɣe ma ɣi me la, Asiria nye Israel-dukɔa ƒe futɔ vɔ̃ɖitɔ. Ke Yona medi be yeayi afi ma aɖaɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi la o. Elabe exɔe se be Mawu mawɔ ɖe eƒe ŋɔdzidoname be yeagbã dua dzi o. Eve Yona vevie be Mawu metsrɔ̃ dua abe ale si wòɖe gbeƒã la ene o. Ke Mawu ka mo nɛ le nuwuwua.
Agbalẽa ɖe ale si Mawu kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nuwɔwɔwo katã dzi keŋkeŋ la fia. Hekpe ɖe esia ŋu la, eɖee fia be Mawu lɔ̃a ame hekpɔa nublanui nɛ. Edina be yeatsɔ nuvɔ̃ ake keke ame siwo lé fu ye tɔwo ke hã, eye yeaxɔ wo ɖe agbe, wu be yeahe to na wo atsrɔ̃ wo.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Yona yɔyɔ kple eƒe tomaɖomaɖo 1.1-17
Yona trɔ dzime, eye woɖee 2.1-10
Yona ɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi na Ninivetɔwo 3.1-10
Mawu kpɔ nublanui na Ninive-du la 4.1-11
Currently Selected:
Yona KPƆKPLƆYIÐEME: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.