YouVersion Logo
Search Icon

Yona 1

1
Yona meɖo to Aƒetɔ o
1 # Fia II, 14.25. Aƒetɔ gblɔ na Yona, Amitai vi la be: 2“Tso nàyi Ninive, du gã la me, eye nàhe nya ɖe emenɔlawo ŋu elabe menya nuvɔ̃ɖi si wɔm wole la.” 3Ke Yona tso be yeasí boŋ le Aƒetɔ gbɔ ayi Tarsis. Eyi Yopa, eye wòkpɔ tɔdziʋu aɖe si yina Tarsis. Exe ʋuɖofe, eye wòge ɖe eme be yeadzo le Aƒetɔ gbɔ ayi Tarsis kpli wo.
4Ke Aƒetɔ lɔ ya sesẽ aɖe ƒo le atsiaƒu la dzi, eye ahom tu sesĩe ale gbegbe be tɔdziʋua di be yeagbã. 5Tete vɔvɔ̃ ɖo ʋukulaawo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe yɔ mawu si wòsubɔna la. Wofɔ agba siwo le ʋua me la ƒu gbe ɖe ƒua me, be ʋua nazu wodzoe. Ke Yona ya yi ɖe ʋua gɔme, mlɔ anyi, dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. 6Tete ʋumefia la va egbɔ, eye wòbiae be: “Alɔ̃ dɔm wò ya nèlea? Fɔ nàyɔ wò mawu! Ðewohĩ ase wò kukuɖeɖe, be míagatsrɔ̃ o.”
7Azɔ ʋua me nɔlawo gblɔ na wo nɔewo be: “Mía tɔwo, netsɔ; mina míadzidze nu ale be míanya ame si ta koŋ dzɔgbevɔ̃e sia va dzɔ ɖe mía dzi ɖo.” Ale wodzidze nu, eye wòdze Yona dzi. 8Wobiae be: “Nu kae he dzɔgbevɔ̃e sia va mía dzii? Gblɔe na mí. Dɔ kae nèwɔna? Afi ka nètso? Afi kae nye mia de? Dukɔ ka me tɔ nènye?” 9Eɖo eŋu na wo be: “Hebritɔ menye. Mesubɔa Aƒetɔ, dziƒo Mawu si wɔ anyigba kple atsiaƒu.” 10Yona yi edzi gblɔ na ameawo be Aƒetɔ gbɔe yele sisím le. Ameawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wobiae: “Nu kae nye esi nèwɔ?” Elabe be ameawo nya be enɔ sisím le Aƒetɔ nu; elabe egblɔe na wo do ŋgɔ.
11Ale wobiae be: “Nu ka míawɔ wò, ne ƒu la nadze kɔ anyi na mí?” Elabe ƒu la gale nyanyram ɖe edzi wu tsã. 12Yona gblɔ na wo be: “Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me ekema adze kɔ anyi na mi, elabe menya be nye tae ahom sesẽ sia va mia dzi ɖo.” 13Gake ŋutsuawo ku ʋua kple ŋusẽ be yewoatrɔ ayi gota, ke womete ŋui o, elabe atsiaƒua gadze agbo wu tsã va le wo kpem. 14Ale woyɔ Aƒetɔ sesĩe gblɔ be: “Míeɖe kuku, Aƒetɔ, mègana míatsrɔ̃ le ŋutsu sia ƒe agbe ta o, eye mègahe to na mí be míewu ame dzɔdzɔe o. Elabe Aƒetɔ, wò la, nu si dze ŋuwò lae nèwɔna.” 15Ale wokɔ Yona ƒu gbe ɖe ƒua me. Enumake ƒua dze kɔ anyi. 16Tete ameawo vɔ̃ Aƒetɔ ŋutɔŋutɔ. Wosa vɔ na Aƒetɔ, eye woɖe adzɔgbe be yewoasubɔe.
17 # Mat 12.40. Ke Aƒetɔ na tɔmelã gã aɖe va mi Yona, eye wònɔ lã la ƒe dɔme ŋkeke etɔ̃, zã etɔ̃.#1.17: Le Hebri Biblia me la, kpukpui sia nye ta 2 lia ƒe kpukpui gbãtɔ.

Currently Selected:

Yona 1: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in