Obadya 1
1
1Obadya ƒe ŋutega.
Aƒetɔ Mawu ƒo nu
ku ɖe Edom-dukɔ ŋu.
Aƒetɔ ahe to na Edom
Míese du tso Aƒetɔ gbɔ,
edɔ dɔla aɖe ɖo ɖe dukɔwo:
Ebe:
“Mitso! Mina
míaho aʋa ɖe Edom ŋu!”
2Kpɔ ɖa, mawɔ wò nàzu sue
le dukɔwo dome;
maɖi gbɔ wò vevie.
3Dàda si le wò dzime la ble wò,
wò, ame si le agatowo me,
eye wò nɔƒe le kɔkɔƒewo,
wò, ame si le gbɔgblɔm le wò dzime be:
“Ame kae atutum aƒu anyi?”
4Togbɔ be nèyi dzi ʋĩi abe hɔ̃ ene,
togbɔ be nèwɔ atɔ ɖe ɣletiviwo dome hã la,
matutu wò tso afi ma aƒu anyi.
Aƒetɔ lae gblɔe.
5Ne fiafiwo ƒo ɖe dziwò,
ne adzodalawo va le zã me,
ɖe womafi nu si asu wo la ko na wo ɖokui oa?
Kpɔ ale si woahatsrɔ̃ wòe la ɖa!
Ne wainxalawo va gbɔwò,
ɖe womagblẽ ɖe ɖi oa?
6Ale ke womekaka Esau ƒe nuwo me,
hedi eƒe kesinɔnuwoe o!
7Wò dzoɖuxɔlɔ̃wo katã ble wò;
wonyà wò va ɖo liƒo dzi ke.
Wò kple ame siwo katã nyi dzo la,
woawoe va ɖu dziwò azɔ.
Xɔ̃wò siwo ŋu nèɖoa dzi ɖo la,
tre mɔ̀ ɖi na wò;
mèse egɔme o.
8Aƒetɔ be:
Gbe ma gbe la, ɖe nyematsrɔ̃ Edom ƒe nunyalawo
kple nugɔmesese ɖa le Esau-to la dzi oa?
9Teman, dzi aɖe le wò kalẽawo ƒo,
eye woawu ŋutsu ɖe sia ɖe
si tso Esau-to la dzi.
Nu siwo ta wòle be woahe to na Edom ɖo
10Le ŋuta si nèsẽ le nɔviwò Yakob ŋu ta la,
àɖu ŋukpe,
eye woatsrɔ̃ wò ɖa tegbee.
11Gbe ma gbe nètsi tsitre ɖi ɖekematsɔlemetɔe,
gbe ma gbe amedzrowo tsɔ eƒe kesinɔnuwo dzoe,
eye dutatɔwo ge ɖe eƒe agbowo me
hedzidze nu ɖe Yerusalem dzi,
nènɔ abe wo dometɔ ɖeka ene.
12Gake mele be nàkpɔ dzidzɔ
ɖe nɔviwò ƒe ŋkeke la ŋu o,
ɖe eƒe dzɔgbevɔ̃e ŋkeke la ŋu o.
Mele be nàkpɔ dzidzɔ ɖe Yuda-dukɔ ŋu
le woƒe tsɔtsrɔ̃gbe o.
Mele be nàƒo adegbe
gbe si gbe nɔviwò xaxa o.
13Menye wòe age ɖe
nye dukɔ ƒe agbo me,
gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe edzi o.
Menye wòe akpɔ dzidzɔ
le eƒe afɔku ta,
gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe edzi o.
Menye wòe aha eƒe nuwo,
gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe edzi o.
14 #
Yes 34.5-17; 63.1-6; Yer 49.7-22; Xez 25.12-14; 35.1-15; Amos 1.11, 12; Mal 1.2-5. Menye wòe atsi tsitre ɖe
mɔ dzevee nu,
anɔ eƒe ame siwo sí yina la wum o.
Menye wòe atsɔ eƒe agbetsilawo ade asi
le eƒe xaxagbe o.
Mawu adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo
15Elabe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la tu aƒe
na dukɔwo katã.
Ale si nèwɔ la,
nenemae woawɔ wò hã.
Wò nuwɔnawo atrɔ va wò ŋutɔ wò ta dzi.
16Elabe ale si mieno aha
le nye to kɔkɔe dzii la,
nenemae dukɔ siwo katã ƒo xlã godoo la,
anoe.
Woanoe, anɔ yiyim sagasaga,
eye woanɔ abe ɖe womedzɔ kpɔ o ene.
Israel-dukɔ la aɖu dzi
17Ke sisíla aɖewo anɔ Zion-to dzi,
eye wòanɔ kɔkɔe,
eye Yakob ƒe ƒome la axɔ nu siwo nye
woawo ŋutɔ tɔ la.
18Yakob ƒe ƒome la anɔ abe dzo ene,
Yosef ƒe ƒome la anɔ abe dzo ƒe aɖe ene,
Esau ƒe ƒome la anɔ abe gbe ƒuƒu ene.
Woatɔ dzo wo woafiã,
eye Esau ƒe dzidzimevi aɖeke masusɔ o
elabe Aƒetɔ ye ƒo nu.
19Anyigbemekegbegbe tsolawo
axɔ Esau-to la,
eye ame siwo tso togbɛ siwo le
ɣetoɖoƒe balia me la,
axɔ Filistitɔwo ƒe anyigba.
Woaxɔ Efrayim-nyigba kple Samaria-nyigba,
eye Benyamin axɔ Gilead.
20Aboyome siwo le Xala,
siwo tso Israelviwo dome la,
axɔ Foenisiatɔwo ƒe anyigba
va se ɖe keke Zarefat ke.
Ame siwo woɖe aboyoe tso Yerusalem,
eye wole Sefarad la,
axɔ du siwo le Yuda ƒe anyigbemekegbegbe.
21Xɔnametɔwo ayi Zion-to la dzi
be woaɖu fia ɖe Esau-to la dzi,
eye fiaɖuƒe la anye Aƒetɔ tɔ.
Currently Selected:
Obadya 1: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.