Yona 2
2
Yona do gbe ɖa na Aƒetɔ
1Tete Yona do gbe ɖa le lã la ƒe dɔme na Aƒetɔ, eƒe Mawu la gblɔ be: 2“Meyɔ Aƒetɔ le nye xaxa me,
eye wòtɔ nam.
Medo ɣli yɔ wò tso tsiẽƒe ke,
eye nèse nye gbe.
3Ètsɔm ƒu gbe ɖe gogloƒe,
ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke,
afi si tsi sisí sesẽ ƒo xlãm kpe ɖo le,
eye ƒutsotsoewo mlí to dzinye.
4Tete megblɔ be:
‘Wotsɔm ƒu gbe le ŋkuwò me,
ale ke mawɔ agakpɔ wò gbedoxɔ kɔkɔe la?’
5Tsi mlí tem ɖe to,
eye metsi tɔ gɔme ke,
tɔgɔmegbewo xatsa ɖe ta nam,
6le towo ƒe bali me ke.
Medo ɖe afi si anyigba ƒe ʋɔwo tu
ɖe nunye tegbee le.
Ke wò Aƒetɔ, nye Mawu,
èxɔm ɖe agbe tso aʋlime.
7Esi wɔna vɔ le ŋunye keŋ la,
meɖo ŋku dziwò, Aƒetɔ,
eye nèse nye gbedodoɖa
tso wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.
8Ame siwo subɔa yakanuwo la,
woƒe amenuvevee wogblẽ ɖi.
9Ke nye la, makɔ gbe me
ada akpe na wò
atsɔ asa vɔe na wò,
eye mana nu si ƒe adzɔgbe meɖe la.
Aƒetɔ ye ɖea ame!”
10Tete Aƒetɔ na tɔmelã la yi ɖatru Yona ɖe gota.
Currently Selected:
Yona 2: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.