Yona 3
3
Yona wɔ Aƒetɔ ƒe nya dzi
1Azɔ Aƒetɔ gaƒo nu na Yona zi evelia gblɔ be: 2“Tso nàyi Ninive, du gã la me, eye nàɖe gbeƒã nya si magblɔ na wò la.” 3Ale Yona tso, eye wòyi Ninive abe ale si Aƒetɔ bia tso esi la ene. Azɔ Ninive nye du aɖe si lolo ŋutɔ. Dua ƒe kekeme nye ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔli. 4#Mat 12.41; Luk 11.32. Yona ge ɖe dua me, zɔ ŋkeke ɖeka ƒe azɔli, eye wòɖe gbeƒã be: “Esusɔ ŋkeke bla ene pɛ ko ne woatsrɔ̃ Ninive-dua keŋ!” 5Tete Ninivetɔwo xɔ Mawu dzi se. Woɖe gbeƒã be dua me tɔwo katã, ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa, natsi nu adɔ ata akpanya.
6Esi Ninive-fia se nya la la, etso kpla le eƒe fiazikpui dzi, ɖe eƒe awu ʋlaya ɖi, ta akpanya hebɔbɔ nɔ dzowɔ me. 7Eɖe gbe be woaɖe gbeƒã to Ninive-dua me be: “Fia kple eƒe dumegãwo de se be: Ame o, lã o, eɖanye nyi alo alẽ o, ɖeke mekpɔ mɔ ade naneke nu me o. Womekpɔ mɔ aɖu nu alo ano tsi o. 8Eɖanye ame o, eɖanye lã o, ɖe sia ɖe neta akpanya, ne wòado gbe ɖa na Mawu vevie. Ame sia ame nedzudzɔ nuvɔ̃ wɔwɔ. Ame sia ame neɖe asi le ŋutasesẽ si wòwɔna la ŋu! 9Ame aɖe menya nu o, Mawu aɖe asi le eƒe tameɖoɖo ŋu, eƒe dzi afa, eye míagatsrɔ̃ o mahĩ?”
10Esi Mawu kpɔ nu si wowɔ, ale si wodzudzɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ la, eɖe asi le vɔ̃ si wòɖo be yeawɔ wo la ŋu, eye megawɔe o.
Currently Selected:
Yona 3: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.