Bible App logo
Search Icon

Yesaya 35

35
Mɔ kɔkɔe la
1Gbedadaƒo kple kuɖiɖinyigba
akpɔ dzidzɔ,
kegbegbe atso aseye,
eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.
2Aƒo se geɖe,
eye wòatso aseye.
Akpɔ dzidzɔ, adzi ha.
Woatsɔ Lebanon ƒe bubu
kple Karmel kpakple Saron ƒe gãnyenye nɛ.
Woakpɔ Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe
kple mía Mawu la ƒe gãnyenye.
3 # Heb 12.12. Mido ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo,
eye mide agbe klo beliwo me.
4Migblɔ na ame siwo
le vɔvɔ̃m la be:
“Milé dzi ɖe ƒo,
migavɔ̃ o.
Mikpɔ mia Mawu la ɖa!
Ava bia hlɔ̃
kple Mawu ƒe teƒeɖoɖo.
Eya ŋutɔ ava,
eye wòaxɔ na mi!”
5 # Mat 11.5; Luk 7.22. Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku akpɔ nu,
eye tokunɔwo ƒe to ase nu.
6Bunɔwo ati kpo abe zi ene,
eye mumuwo ƒe aɖe adzi dzidzɔha.
Elabe tɔ aŋɔ le gbedadaƒo,
eye tɔʋuwo le kegbegbe.
7Ke dzodzo azu tá,
eye tsi adzɔ tso kuɖiɖinyigba me.
Akpatakuwo nɔƒe azu sime,
gbe azu ava kple keti.
8Mɔ gã aɖe ato afi ma,
eye woayɔe be:
Mɔ kɔkɔe la.
Nu makɔmakɔ aɖeke mato edzi o.
Movitɔwo kekeake hã matra mɔ
ato edzi o.
9Dzata aɖeke manɔ afi ma o;
lã wɔadã aɖeke hã mava edzi o.
Womakpɔ wo le afi ma o;
ke ame siwo woɖe la ko ato edzi.
10Ame siwo Aƒetɔ xɔ ƒle la
atrɔ agbɔ.
Woava Zion kple hadzidzi.
Dzidzɔ mavɔ woatsɔ agbɔe.
Woakpɔ dzidzɔ atso aseye,
eye woaŋlɔ nuxaxa kple hũɖeɖe be.

Currently Selected:

Yesaya 35: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in