Yesaya 36
36
Asiriatɔwo do vɔvɔ̃ na Yerusalem
(Fia II, 18.13-27; Kron II, 32.1-19)
1Le fia Xizkiya ƒe ƒè wui enelia me esime wòɖu fia la, Asiria-fia Sanxerib ho aʋa ɖe Yuda-du sesẽwo katã ŋu eye wòxɔ wo. 2Asiria-fia dɔ Rabsake tso Laxis ɖo ɖe fia Xizkiya le Yerusalem kple aʋakɔ gã aɖe, eye wodze aʋa ɖe dzigbetá ƒe tɔʋu to le Avɔlɔ̃la ƒe Agblemɔ to. 3Ale Elyakim, Xilkiya vi, aƒedzikpɔla, Sebna agbalẽŋlɔla kple Yoax, Asaf vi si nye agbalẽwo dzraɖoƒedzikpɔla la do yi ɖakpee.
4Rabsake gblɔ na wo be: “Migblɔ na Xizkiya be: ‘Asiria-fia be: Nu ka ŋuti koŋ nèle dzi ɖom ɖo? 5Ɖe nèbu be numenya ƒuƒlue nye aɖaŋu kple ŋusẽ si wotsɔna wɔa aʋaea? Ame ka ŋue nèle dzi ɖom ɖo ta nèdze aglã ɖe ŋunye? 6#Xez 29.6, 7. Kpɔ ɖa, èle ŋu ɖom ɖe Egipte, aƒla ŋeŋe ma si aŋɔ ame si ziɔ ɖe eŋu la ŋu. Nenemae Egipte Fiagã la le na ame siwo katã ɖoa ŋu ɖe eŋu la. 7Gake ne miegblɔ nam be: Míeɖoa ŋu ɖe Aƒetɔ, mía Mawu la ŋu la, ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Xizkiya ɖe ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be: Miasubɔ le vɔsamlekpui sia ko ŋgɔ oa? 8Azɔ va ne wò kple nye aƒetɔ Asiria-fia la miatso gbe: Mana sɔ akpe eve wò, ne àte ŋu akpɔ sɔdolawo woado wo ko. 9Ale ke gɔ̃ nàte ŋu atutu aʋakplɔla ɖeka le nye aƒetɔ ƒe dɔla gblɔewo dome ayi megbee, esi nèle ŋu ɖom ɖe Egipte ƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo ŋu? 10Gawu la, ɖe meto Aƒetɔ megbe ho ɖe anyigba sia ŋu be matsrɔ̃ea? Aƒetɔ lae gblɔe nam be: Ho aʋa ɖe anyigba sia ŋu ne nàtsrɔ̃e.’ ”
11Tete Elyakim, Sebna kple Yoax gblɔ na Rabsake be: “Míeɖe kuku, do Aram-gbe na wò dɔlawo, elabe míesee, ke mègado Yuda-gbe na mí o. Ame siwo katã le glia dzi la see!” 12Ke Rabsake ɖo eŋu be: “Wò kple wò aƒetɔ ko gbɔe nye aƒetɔ dɔm ɖo be mava gblɔ nya siawoa? Ɖe menye ame siwo bɔbɔ nɔ glia dzi siwo gbɔna woawo ŋutɔ ƒe mi ɖu ge, eye woano woawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ kpe ɖe mia ŋu hã la gbɔe oa?”
13Tete Rabsake tsi tsitre te va do ɣli sesĩe le Yuda-gbe me be: “Mise fiagã la, Asiria-fia ƒe nya! 14Ebe migana Xizkiya naflu mi o, elabe mate ŋu aɖe mi o. 15Migana Xizkiya nana miaɖo ŋu ɖe Aƒetɔ ŋu ahagblɔ be: Aƒetɔ aɖe mí godoo, eye du sia mage ɖe Asiria-fia si me o. 16Migaɖo to Xizkiya o, elabe Asiria-fia be: Miwɔ ŋutifafa kplim; mido va gbɔnye ekema mia dometɔ ɖe sia ɖe aɖu eya ŋutɔ ƒe waintsetse, eye ame sia ame aɖu eya ŋutɔ ƒe gbotitsetse, eye ame sia ame ano tsi tso eya ŋutɔ ƒe vudo me. 17Anɔ nenema va se ɖe esime mava kplɔ mi ayi anyigba aɖe si le abe mia tɔ ene la dzi. Enye anyigba si dzi bli kple wain le; anyigba si dzi abolo kple wainbɔwo le. 18Mikpɔ nyuie be Xizkiya nagable mi be: ‘Aƒetɔ aɖe mí’ o. Ɖe dukɔwo ƒe mawu aɖe te ŋu ɖe eƒe anyigba tso Asiria-fia si me kpɔa? 19Afi ka Xamat kple Arpad ƒe mawuwo le? Sefarvayim ƒe mawuwo ɖe? Ɖe wote ŋu ɖe Samaria tso asinye mea? 20Dukɔ siawo ƒe mawuwo katã dometɔ kae ɖe woƒe dukɔwo tso asinye me kpɔ, ne Aƒetɔ ya naɖe Yerusalem atso asinye me?”
21Ke wozi kpi; womeɖo nya aɖeke ŋu nɛ o, elabe fia de se na wo be: “Migaɖo eŋu nɛ o.” 22Tete Elyakim, Xilkiya vi si nye aƒedzikpɔla, Sebna, agbalẽŋlɔla kple Yoax, Asaf vi si nye agbalẽwo dzraɖoƒedzikpɔla le awu vuvu me yi Xizkiya gbɔ ɖagblɔ Rabsake ƒe nyaawo nɛ.
Currently Selected:
Yesaya 36: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.