Bible App logo
Search Icon

Yesaya 34

34
Mawu ahe to na eƒe futɔwo
1Mi dukɔwo, mite va see ɖa!
Mi anyigba dzi dukɔwo,
miɖo to nyuie.
Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi,
miɖo to.
Nu miemie siwo katã le xexea me,
misee.
2Elabe Aƒetɔ do dziku
ɖe dukɔwo katã ŋu.
Edo dɔmedzoe vevie
ɖe woƒe aʋakɔwo katã ŋu.
Ebu fɔ wo,
eye wòtsɔ wo de asi be woawu.
3Woatsɔ woƒe ame siwo wowu la aƒu gbe.
Woƒe ame kukuawo ƒe ʋeʋẽ kũu
axɔ ya me,
eye woƒe ʋu así le towo ŋu blibaa.
4 # Mat 24.29; Mar 13.25; Luk 21.26; Nyaɖ 6.13, 14. Dziŋgɔli ŋu nuwo katã anyunyɔ;
woaŋlɔ dziŋgɔli
abe ale si woŋlɔa agbalẽe ene.
Eŋu nuwo katã age
abe ale si aŋgbawo gena le wainka
kple gboti ŋui ene.
5 # Yes 63.1-6; Yer 49.7-22; Xez 25.12-14; 35.1-15; Amos 1.11, 12; Oba 1.1-14; Mal 1.2-5. Elabe nye yi mu aha le dziƒo.
Kpɔ ɖa, aɖiɖi ɖe Edom,
dukɔ si mebu fɔe la dzi, ahatsrɔ̃e.
6Yi le Aƒetɔ si;
eƒo ʋu; ami ɖoe.
Alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋue,
agbowo ƒe ayikuwo ŋu mie.
Elabe Aƒetɔ le vɔsaŋkekenyui ɖum le Bozra,
lãwu ŋkekenyui gã aɖe wònye
le Edom-nyigba dzi.
7Woawo kple tòwo siaa
woamu adze anyi
hekpe ɖe nyivi tatawo
kple nyitsu sesẽwo ŋu.
Woƒe anyigba ano ʋu,
eye ami aɖo woƒe ké.
8Elabe hlɔ̃biagbe le Aƒetɔ si;
teƒeɖoɖo ƒe ƒè wòanye na Zion.
9Edom-tɔʋuwo azu aŋɔ yibɔ;
eƒe ke azu dzokpe,
eye eƒe anyigba azu aŋɔ
si le dzo bim.
10 # Nyaɖ 14.11; 19.3. Zã kple keli la, matsi o;
eƒe dzudzɔ ayi dzi tegbee.
Atsi ƒeƒle tso dzidzime yi dzidzime,
eye ame aɖeke magato afi ma akpɔ o.
11Ke azu aʋako kple hlɔ̃made tɔ,
eye adzexe kple akpavia woanɔ edzi.
Ahe ka si atɔtɔ wo la me ɖe edzi,
eye wòada nudakpe si ahe masɔmasɔ vɛ la
ade eƒe ame ŋkutawo dome.
12Woana ŋkɔe be
fiaɖuƒe aɖeke mele afi ma o,
eye eƒe amegãwo katã
maganye naneke o.
13Ŋuwo amie ɖe woƒe mɔ́ sesẽwo me;
dzawo kple aŋɔkawo amie
ɖe woƒe mɔ́wo me.
Ava zu akpatakuwo kple tsatsaboliwo nɔƒe.
14Gbemelãwo kple agbotoewo
ado go wo nɔewo.
Azizãwo ado ɣli ayɔ wo nɔewo le afi ma,
eye wòazu teƒe si gbetsi
adzudzɔ, agbɔ ɖe eme le.
15Afi ma adzexewo awɔ atɔ ɖo,
woaɖa azi, aƒo viwo,
eye woatsyɔ akɔ ɖe wo dzi.
Aʋakowo aƒo takpli, atsu kple asi,
ɖe afi ma.
16Midi nu miaxlẽ
tso Aƒetɔ ƒe agbalẽ me.
Wo dometɔ aɖeke mabu loo,
alo anɔ ɣaɣla ɖe nɔvia o.
Elabe Aƒetɔ ƒe nue ɖe gbe,
eye eƒe gbɔgbɔe ƒo wo nu ƒu.
17Eyae dzidze nu na wo.
Eƒe asie wòtsɔ da ka hemae na wo.
Azu wo tɔ tegbee,
eye woanɔ edzi
tso dzidzime yi dzidzime.

Currently Selected:

Yesaya 34: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in