Skip to content

Yesaya 27

27
1 # Hiob 41.1; Ps 74.14; 104.26. Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ atsɔ eƒe yi dziŋɔ, gã, sesẽ la ahe to na Livyatan, da si le sisím la; Livyatan, da si le yiyim gɔdɔgɔdɔ̃ la, eye wòawu ƒumeʋɔdriba la.
2Gbe ma gbe la:
“Midzi ha le waingble nyo la ŋu be:
3Nye Aƒetɔ ŋutɔe nye edzikpɔla.
Medea tsii ɣe sia ɣi.
Medzɔa eŋu zã kple keli
ale be naneke nagawɔe o.
4Nyemekpɔ dziku ɖe wainbɔ la ŋu o.
Ne mekpɔ aŋɔka kple ŋuwo le eme la,
maho aʋa ɖe wo ŋu
atɔ dzo wo woafiã.
5Negbe ɖeko woava sim atso,
eye woawɔ ŋutifafa kplim hafi!
Ŋutifafa ko woawɔ kplim hafi!”
6Le ŋkeke siwo gbɔna me la,
Yakob ato kè.
Israel adzè alɔwo, aƒo se,
eye eƒe kutsetse axɔ anyigba blibo la dzi.
7Ɖe wòƒo Israel
abe ale si wòƒo eƒolawo enea?
Alo ɖe wòwui
abe ale si wòwu ame siwo wòwu la enea?
8Ʋɛʋɛʋɛ la, èwɔ avu kpli wo,
kplɔ wo yi aboyo me.
Èɖe wo ɖa kple dziku
gbe si gbe ɣedzeƒeya ʋuduʋudu la ƒo.
9Eya ta mɔ sia dzi ko woato atsɔ
Yakob ƒe vodada akee,
eye wòanye nuvɔ̃
si wotsɔ kee la ƒe viɖe:
Ele be woagbã vɔsamlekpuia
ƒe kpewo katã,
atu wo abe akalo ene,
eye woaɖe nyɔnumawu Aserawo
kple ɣelegbawo ɖa.
10Elabe du sesẽ la ɖi gbɔlo;
ame nɔƒe zu aƒedo.
Wogblẽe ɖi abe gbedadaƒo ene.
Afi mae nyiviwo ɖua gbe le,
eye wotsyɔa akɔ ɖo
heɖua atilɔwo klíklikli.
11Ne eƒe alɔwo ƒu la,
woŋea wo,
ale nyɔnuwo va tɔa dzo wo.
Elabe dukɔ madzesinu wonye,
eya ta ame si wɔ wo la,
makpɔ nublanui na wo o,
eye ame si mè wo la,
mave wo nu o.
12Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ aƒo luwo nu ƒu tso Frat-tɔsisi la nu va se ɖe Egipte-tɔʋu la nu, eye woafɔ mi Israelviwo ɖekaɖeka aƒo ƒui. 13Woaku kpẽ gã aɖe ɣe ma ɣi, eye Israelvi siwo katã bu ɖe Asiria-nyigba dzi kple esiwo kaka ɖe Egipte-nyigba dzi la, woava subɔ Aƒetɔ le to kɔkɔe la dzi le Yerusalem.